Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 4:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye nunɔla, siwo tsɔ aɖaka la, tɔ ɖe Yordan titina, vaseɖe esime wowɔ nusiwo katã Yehowa de se na Yosua be, wòagblɔ na dukɔ la vɔ, abe alesi Mose de se na Yosua ene; eye dukɔ la di go afɔ tsɔtsɔe ɖe tɔa godo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la, tsi tsitre ɖe tɔsisi la titina va se ɖe esime wowɔ ɖe ɖoɖo siwo katã Yehowa gblɔ na Yosua to Mose dzi la dzi. Ameawo ɖe abla zɔ tɔʋu ƒuƒui la me.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 4:10
14 Mawu Ofanana  

Mewɔ kaba, be malé ŋku ɖe wò seawo ŋn, eye nyemalala o.


Eye wotsɔ amɔwɔ, si wotsɔ tso Egipte la, ƒo akaklãe, ke meʋã o, elabena esi wonyã wo tso Egipte la, womete ŋu ta ɖi, ne woaɖa nu aɖo asi o.


Megaƒo adegbe ɖe etsɔ, si gbɔna ŋu o, elabena mènya nuka dzi ge etsɔ ala o.


Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, meɖo kpea ɖe anyi ɖe Zion, kpe, si wodo kpɔ, dzògoekpe xɔasi, si li ke zã. Amesi xɔe se la, masi o.


Elabena egblɔ bena: „Meɖo to wò le amenuveɣi la, eye mexɔ na wò le xɔxɔgbe la dzi.“ Kpɔ ɖa, fifi enye amenuveɣi, kpɔ ɖa, fifi enye xɔxɔgbe!


Eye Mose ŋlɔ se sia ƒe nyawo, eye wòtsɔe ɖe asi na nunɔlawo, siwo nye Lewi-viwo, amesiwo le Yehowa ƒe nubablaɖaka la tsɔm, kpakple Israel-ame tsitsiwo katã.


Eyome mietso Yordan va Yerixo; tete Yerixotɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Girgasitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo va wo aʋa kpli mi, eye metso wo ɖe asi na mi.


Ne nunɔla, siwo tsɔ anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ, Yehowa ƒe nubablaɖaka, ƒe afɔƒome ka Yordan me tsia me la, ekema Yordan me tsi la nu atso, eye dzigbe gome tsi la amii kɔ de afi ɖeka.


Esi dukɔ la ɖi go vɔ la, Yehowa ƒe aɖaka la hã va tɔa godo, eye nunɔlawo dze dukɔ la ŋgɔ.


Ke Yosua tu kpe wuieve ɖe Yordan titina hã, ɖe afisi nunɔla, siwo tsɔ nubablaɖaka, ƒe afɔwo tsi tre ɖo, eye wotsi afima vaseɖe egbe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa