Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 3:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 De se na nunɔla, siwo le nubablaɖaka tsam la bena: Ne mieva ɖo Yordan-tɔa nu la, ekema mitɔ ɖe afima!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Gblɔ na nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la be woatɔ ɖe tɔsisi la nu.”

Onani mutuwo Koperani




Yosua 3:8
20 Mawu Ofanana  

Eye Eliya gblɔ nɛ bena: Taflatse, tsi afisia, elabena Yehowa le dɔyem ɖe Yordan nu. Eɖo ŋu bena: Meta Yehowa ƒe agbe kple wò agbe: Ne magblẽ wò ɖi fĩ! Eye woa kple eve la woyi.


Woƒo wo nɔviwo nu ƒu, eye wokɔ wo dokui ŋu, eye wova le fia ƒe sedede kple Yehowa ƒe nya nu, be yewoakɔ Yehowa ƒe aƒe la ŋu.


Eye Xizkiya de se be, woasa numevɔ le vɔsamlekpui la dzi. Azɔ esi wode asi numevɔ sasa me la, Yehowa ƒe ha kple kpẽawo kpakple Israel-fia Dawid ƒe hadzinuawo de asi ɖiɖi me.


Tete fia Xizkiya kple amegãwo ɖo na Lewi-viwo be, woatsɔ Dawid kple nukpɔla Asaf ƒe nyawo adzi kafukafuhawo na Yehowa. Wodzi kafukafuhawo kple dzidzɔ, eye wode ta agu hedo gbe ɖa.


Mawu ƒe asi va Yuda hã dzi, eye wòna dzi ɖeka ŋugbee wo, be woawɔ fia kple amegãwo ƒe se la dzi le Yehowa ƒe nya nu.


Eye megblɔ na Lewi-viwo be, woakɔ wu ɖokui ŋu, eye woava dzɔ agboawo nu, ne woawo dzudzɔgbe la kɔkɔe. Nye Mawu, ɖo ŋu esia hã nam, eye nakpɔ tanye le wò amenuveve gã la nu!


Nunɔlagã Elyasib vi Yoyada viwo dometɔ ɖeka nye Xoronitɔ Sanebalat ƒe to, eye menyãe ɖa le ŋunye.


Ke Mose gblɔ na dukɔ la bena: Migavɔ̃ o, milé dzi ɖe ƒo, eye miakpɔ, alesi Yehowa le mia ɖe gee egbe; elabena Egiptetɔ, siwo kpam miele egbea la, miegale wo kpɔ ge alea gbeɖegbeɖe akpɔ o.


Enyo be, woanɔ anyi kpoo anɔ Yehowa ƒe xɔname sinu kpɔm.


Eye nunɔla, siwo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la, tɔ ɖe tsitre sesĩe le ƒuƒuiƒe le Yordan titina, vaseɖe esime dukɔ blibo la va Yordan godo.


eye wode se na dukɔ la bena: Ne miekpɔ be, nunɔlawo, amesiwo nye Lewitɔwo, tsɔ Yehowa, mia Mawu ƒe nubablaɖakaa la, ekema miawo hã míaho le mia teƒewo adze eyome.


Eye Yehowa gblɔ na Yosua bena: Madze gɔme egbe ade asi gãɖoɖo me wò le Israel blibo la ŋku me, ne wòadze sii be, alesi mena kple Mose la, nenema ke mana kpli wò hã.


Tete Yosua gblɔ na Israel-viwo bena: Mite va ali, ne miase Yehowa, mia Mawu ƒe nya!


Esi dukɔ la ɖi go vɔ la, Yehowa ƒe aɖaka la hã va tɔa godo, eye nunɔlawo dze dukɔ la ŋgɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa