Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 3:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eye nunɔla, siwo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la, tɔ ɖe tsitre sesĩe le ƒuƒuiƒe le Yordan titina, vaseɖe esime dukɔ blibo la va Yordan godo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 Nunɔla siwo kɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tɔ ɖe anyigba ƒuƒui dzi le Yɔdan tɔsisi la titina, ale Israelviwo katã tso eme va se ɖe esime dukɔ blibo la tso tɔsisi la le anyigba ƒuƒu dzi.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 3:17
14 Mawu Ofanana  

Tete Eliya ɖe eƒe awu ʋlaya, eye wòŋlɔe tsɔ ƒo tsi la dzi wòmã ɖe akpa eve, eye woa kple eve la woto ƒuƒuiƒe ɖi go.


Etrɔ atsiaƒu wòzu ƒuƒuiƒe; afɔ wotsɔ tso tɔsisi lae; gama míekpɔ dzidzɔ ɖe eŋu le!


Eye Mose ɖo eƒe asi ɖe ƒu la dzi. Tete Yehowa na ɣedzeƒeya nyama ƒu la zã blibo la katã, ale bena ƒu la mie keŋ, eye tsi la ma ɖe akpa eve me.


Eye Israel-viwo zɔ ƒuƒuiƒe to ƒu la me, eye tsi la zu abe gli ene na wo ɖe woƒe nuɖusi me kple woƒe miã me.


Ke Israel-viwo ya zɔ ƒuƒuiƒe to ƒu la me, eye tsi la zu abe gli ene ɖe woƒe nuɖusi me kple woƒe mia me.


Ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwò katã me, eye woaɖe eƒe dɔlawo ƒe ŋukpe ɖa tso anyigba blibo la dzi. Elabena Yehowa ye gblɔe.


Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Ne mietso Yordan va Kanaan-nyigba dzi la,


Le xɔse me woto Ƒudzie la me abe anyigba ƒuƒui dzi ene, nusi wɔwɔ Egiptetɔwo hã te kpɔ, eye woku ɖe tsi la me.


Esi dukɔ blibo la ɖi go ɖe Yordan godo vɔ la, Yehowa gblɔ na Yosua bena:


Eye nunɔla, siwo tsɔ aɖaka la, tɔ ɖe Yordan titina, vaseɖe esime wowɔ nusiwo katã Yehowa de se na Yosua be, wòagblɔ na dukɔ la vɔ, abe alesi Mose de se na Yosua ene; eye dukɔ la di go afɔ tsɔtsɔe ɖe tɔa godo.


Esi dukɔ la ɖi go vɔ la, Yehowa ƒe aɖaka la hã va tɔa godo, eye nunɔlawo dze dukɔ la ŋgɔ.


ekema migblɔ na mia viwo bena: Ƒuƒuiƒee Israel to ɖi go ɖe Yordan godo,


eye miɖe se na wo bena: Miyi ɖaɖe kpe wuieve le Yordan me le teƒe, si nunɔlawo ƒe afɔ tsi tre ɖo la, eye mitsɔ wo va teƒe, si miedro ɖo, afisi miele tsitsi ge adɔ la.


Esi Amoritɔwo ƒe fiawo katã, amesiwo le Yordan godo le ɣedzeƒe gome, kple Kanaanitɔwo ƒe fiawo katã, amesiwo le ƒu ŋu, se bena, Yehowa na Yordan me tsi la mie le Israel-viwo ŋgɔ, eye wòto me ɖi go la, tete dzi ɖe le wo ƒo, eye kalẽ megale amea ɖeke me ɖe Israel-viwo ŋu o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa