Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 24:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Eye Israel-viwo ɖi Yosef ƒe ƒu, siwo wotsɔ tso Egipte vɛ la, ɖe Sixem, ɖe anyigba, si Yakob ƒle kesita alafa ɖeka le Sixem fofo Xamor ƒe viwo si la dzi, eye wòtrɔ zu Yosef-viwo ƒe domenyinu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

32 Woɖi Yosef ƒe ƒu siwo Israel tsɔ vɛ tso Egiptenyigba dzi la ɖe Sekem, le anyigba si Yakob ƒle le Hamor ƒe viwo si la dzi. Teƒe sia le anyigba si woma na Yosef ƒe viwo la me.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 24:32
9 Mawu Ofanana  

Eye wòƒle anyigba, si dzi wòtu eƒe agbadɔ ɖo la, le Sixem fofo Hemor ƒe viwo si, kesita alafa ɖeka.


Ke metsɔ anyigbaa ɖe, si mexɔ le Amoritɔwo si kple nye yi kple da la na wò, si natsɔ awu nɔviwòwo.


Eye Yosef gblɔ na nɔviawo bena: Nye la mele kuku ge; ke Mawu aɖo ŋku mia dzi, eye wòakplɔ mi atso anyigba sia dzi ayi ɖe anyigba, si ŋugbe wodo na Abraham, Isak kple Yakob la dzi.


Tete Yosef na Israel ƒe viwo ka atam, eye wògblɔ bena: Ne Mawu aɖo ŋku mia dzi la, ekema mitso nye ƒuwo hã tso afisia yii!


Eye Mose ho Yosef ƒe ƒuwo ɖe asi; elabena eka atam na Israel-viwo gblɔ bena: Ne Mawu va ɖo ŋku mia dzi la, ekema miɖo nye ƒuwo ɖe asi tso afisia yii.


Ale wòva Samariatɔwo ƒe dua ɖe, si woyɔna be Sixar me, si le ɖe anyigba, si Yakob na via Yosef la ŋuti;


Eye Yakob dzo yi Egipte, eye woku, eya ŋuta kple mía fofoawo;


eye wotsɔ wo va Sixem, eye wotsɔ wo mia yɔdo, si Abraham tso klosalo ƒlee le Xemor-viwo si le Sixem la me.


Le xɔse me esime Yosef ƒe kuɣi ɖo la, eɖo ŋku Israel-viwo ƒe gododo dzi, eye wòde se le eƒe ƒuwo ŋuti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa