Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 24:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Tete Yosua gblɔ na dukɔ blibo la bena: Kpɔ ɖa, kpe sia nye ɖase na mi, elabena ese nya, siwo katã Yehowa gblɔ na mi la, eye wòanye ɖase na mi, ne miagasẽ nu le mia Mawu la ŋu o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

27 Eye Yosua gblɔ na ameawo katã be, “Kpe sia se nu siwo katã Yehowa gblɔ, eya ta anye ɖasefo atsi tsitre ɖe mia ŋu ne miewɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbe dzi o.”

Onani mutuwo Koperani




Yosua 24:27
23 Mawu Ofanana  

Elabena gbegblẽ, si tso Mawu gbɔ la, do ŋɔdzi nam, eye nyemate ŋu anɔ te de eƒe gãnyenye nu o.


ekema esia hã anye se me dzedze le ʋɔnudrɔ̃lawo ŋku me; elabena meda alakpa na Mawu le dzi.


ne nyemagaɖi ƒo akpa ahasẽ nu agblɔ bena: „Amekae nye Yehowa hã“ o; eye ne nyemagaɖo ko ayi fi fi ge ahaɖa aƒu ɖe nye Mawu ƒe ŋkɔ ŋu o.


Mi dziƒowo, misee, eye anyigba, ƒu to anyi; elabena Yehowa le nu ƒom bena: Menyi viwo wotsi, eye medo wo ɖe dzi, ke wodze aglã ɖe ŋunye.


Míeda vo, eye miegbe Yehowa, miede megbe tso mia Mawu la gbɔ, eye míeƒo ŋutasesẽ kple godzedze ƒe nu, míefa alakpanya ƒe tu, eye míedzii tso dzi me.


Elabena kpewo axlɔ̃ le gli me, eye daɖedziwo aɖo ŋu na wo le xɔtiwo me.


boŋ ɣleti ɖeka sɔŋ, vaseɖe esime wòado alo ŋɔti me na mi, eye woazu ŋunyɔnu na mi; elabena mieɖo vlo Yehowa, si le mia dome, eye miefa avi nɛ bena; Nukata gɔ̃ míedzo le Egipte ɖo?


ke amesi ke lagbe nu le gbɔnye le amewo ƒe ŋku me la, nye hã magbe nu le eyama gbɔ le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe ŋku me.


Eye wòxɔ edzi gblɔ na wo bena: Mele egblɔm na mi bena: Ne amesiawo zi kpi la, kpewo ado ɣli.


Meta dziƒo kple anyigba na mi be: Metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋku me ɖom. Eyata mitia agbe, be mia kple wò dzidzimeviwo mianɔ agbe,


Azɔ miŋlɔ ha sia, eye nafiae Israel-viwo; tsɔe de nu na wo, bena ha sia nanye ɖase le mía kple Israel-viwo dome.


Eye ne dzɔgbevɔ̃e kple hiã geɖe va wo dzi la, ekema ha sia anye ɖase anɔ woƒe ŋku me, elabena mage le woƒe dzidzimeviwo nu o. Elabena menya tame, si li na wo fifia, hafi mele wo kplɔm le anyigba, si ŋu meka atam ɖo la dzi yimi.


Mitsɔ segbalẽ sia ɖa ɖe Yehowa, mia Mawu, ƒe nubablaɖaka la xa, ne wòanye ɖase anɔ afima


Miɖo to, mi dziƒowo, mele nu ƒo ge, eye anyigba, se nye numenyawo!


ekema meta dziƒo kple anyigba na mi egbea bena, miaku le anyigba, si dzi mietso Yordan yi, be míaxɔe wòanye mia tɔ la dzi avɔ amloamlo; mianɔ agbe le edzi eteƒe nadidi o; boŋ miatsrɔ̃ avɔ kokoko.


Woʋua eme bena, yewonya Mawu, ke wotsɔ woƒe nuwɔnawo gbe nu le egbɔ; wonye ame nyɔŋuwo kple tosẽlawo kple amesiwo medze dɔ nyui wòwɔa ɖeke kura o.


Eye Ruben-viwo kple Gad-viwo na ŋkɔ vɔsamlekpui la bena: „Eya nye ɖase le mía dome be, Yehowae nye Mawu.“


Emegbe Yosua de asi le dukɔ la ŋu, eye amesiame yi eƒe anyigba dzi. Yosua kple Eleazar ƒe ku. Woɖi Yosef ƒe fuwo.


Menya wò dɔwɔwɔwo! Kpɔ ɖa, metsɔ ʋɔtru, si le nuvo la, ɖo ŋkuwò me, eye amea ɖeke mate ŋu atui o; elabena ŋusẽ ʋeea ɖe koe le asiwò, eye nèlé nye nya la me ɖe asi, eye megbe nu le nye ŋkɔ gbɔ o?


Eye Samuel kɔ kpea ɖe ɖo Mizpa kple Sen dome, eye wòna ŋkɔe be Eben-Ezer hegblɔ bena: Afi Yehowa kpe ɖe mía ŋu va se ɖo!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa