Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 24:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Ale Yosua bia nu kple dukɔ la gbemagbe, eye wòtsɔ seawo kple ɖoɖoawo ɖo woƒe ŋku me le Sixem.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

25 Ale Yosua bla nu kple wo gbe ma gbe le Sekem, eye wòtsɔ wo de nubabla mavɔ me kple Mawu.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 24:25
17 Mawu Ofanana  

Tete wotsɔ dzromawu, siwo katã le wo si, kple woƒe togɛwo na Yakob, eye Yakob ɖi wo ɖe ati gã, si le Sixem gbɔ la te.


Eye Yehoyada ɖo nubabla Yehowa, fia la kple dukɔ la kpakple fia la kple dukɔ la dome, be woanye Yehowa ƒe dukɔ.


Eye woge ɖe nubabla me, be yewoadi Yehowa, yewo fofowo ƒe Mawu la, tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me.


Yuda blibo la kpɔ dzidzɔ le atamkaka la ŋu, elabena wokae tso dzi blibo me. Wodii kple woƒe lɔlɔ̃nu blibo, eye wòna wokpɔe, eye Yehowa na gbɔdzɔe wo godoo va kpe.


Eye Yoyada bla nu kple dukɔ blibo la kpakple fia la be, yewoanye Yehowa ƒe dukɔ.


Azɔ meɖo ɖe ta me be, mabla nu kple Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ne eƒe dɔmedzoe nu nala ɖe mía ŋu.


Ke eya do ɣli yɔ Yehowa, eye Yehowa fia aba ɖee, si wotsɔ ɖa ɖe tsi la me, tete wòtrɔ zu tsi nyui. Afima wòna se kple ɖoɖo wo le, eye afima wòɖo wo kpɔ le


Eye Mose yi ɖagblɔ Yehowa ƒe nyawo katã kple ɖoɖoawo katã na dukɔ la. Tete dukɔ la katã ɖo ŋu yoo gblɔ bena: Nya, siwo katã Yehowa gblɔ la, míawɔe!


Eye Mose yɔ Israel blibo la gblɔ na wo bena: Miekpɔ nusi Yehowa wo le mia ŋku me ɖe Farao kple eƒe dɔlawo kpakple eƒe dukɔ blibo la ŋu le Egipte-nyigba dzi,


Tete Yosua na Israel-toawo katã va kpe ta ɖe Sixem, eye wòyɔ ame tsitsiwo kple tatɔwo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo, eye wova tsi tre ɖe Mawu ŋku me.


Eye Yosua ŋlɔ nya siawo ɖe Mawu ƒe segbalẽ la me, eye wotsɔ kpe gãa ɖe ɖi ɖe afima le logoti, si le Yehowa ƒe kɔkɔeƒea gbɔ la te.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa