Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 24:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Ekema miɖe mawu bubuwo ɖa le mia dome, eye mitrɔ miaƒe dzi ɖe Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋu!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Yosua gblɔ be, “Enyo, ekema miɖe asi le mawu siwo katã le mia si fifia la ŋu, eye miaɖo to Aƒetɔ, Yehowa, Israel ƒe Mawu la.”

Onani mutuwo Koperani




Yosua 24:23
16 Mawu Ofanana  

Yehowa, mía Mawu, nenɔ kpli mí, abe alesi wònɔ kple mia fofowo ene, megagblẽ mí ɖi o, eye megagbe mí o;


ne wòatrɔ míaƒe dziwo ɖe eɖokui ŋu, be miazɔ eƒe mɔwo katã dzi, eye míalé eƒe sewo, dodowo kple kɔnuwo, siwo wògblɔ na mía fofowo la me ɖe asi.


Bi nye dzi de wò ɖaseɖiɖiwo ŋu, eye menye de ŋubiabia ŋu o.


Megana nye dzi natrɔ ɖe nu vɔ̃ɖi ŋu, ne mawɔ nu tovo akpe ɖe ŋutsu, siwo nye nu vɔ̃ɖi wɔlawo la ŋu o, eye megana maɖɔ woƒe nuɖuɖu ŋanɛ akpɔ o!


Mawu tutɔa ɖeke meganɔ asiwo o, eye megado gbe ɖa na mawu bubuwo o!


Migawɔ mawu bubua ɖeke kpe ɖe ŋunye o; migawɔ ɖeke o, eɖanye klosalolegba alo sikalegba o.


be nèƒu wò to anyi ɖe nunya ŋu, eye nèbi wò dzi ɖe gɔmesese ŋuti,


Amewo aganu eƒe vɔvɔli te, eye woaƒã bli; woaƒo se abe weinka ene, eye woaxɔ ŋkɔ abe Libanon ƒe wein ene.


Eyata mivɔ̃ Yehowa, eye misubɔe blibo le nyateƒe me, miɖe mawu, siwo mia fofowo subɔ le tɔsisi la godo kple Egipte la ɖa, eye misubɔ Yehowa!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa