21 Tete dukɔ la ɖo ŋu na Yosua bena: Gbeɖe, Yehowa ko miasubɔ!
21 Ameawo ɖo eŋu be, “Gbeɖe, Yehowa ko miasubɔ.”
Tete dukɔ blibo la ɖo ŋu yoo bena: Nya, siwo katã Yehowa gblɔ la, míawɔe. Eye Mose tsɔ dukɔ la ƒe nyawo va Mawu gbɔe.
Eye wogblɔ na Mose bena: Wò la ƒo nu kpli mí, eye míaɖo to asee, ke Mawu megaƒo nu kpli mí, bena míagaku o.
Eye Mose yi ɖagblɔ Yehowa ƒe nyawo katã kple ɖoɖoawo katã na dukɔ la. Tete dukɔ la katã ɖo ŋu yoo gblɔ bena: Nya, siwo katã Yehowa gblɔ la, míawɔe!
Eye wotsɔ agbalẽ, si me nubablanyawo le, hexlẽ sesĩe ɖe dukɔ la ƒe to me. Tete wogblɔ bena: Nya, siwo katã Yehowa gblɔ la, miawɔe, eye míalé eme ɖe asi!
Amesi agblɔ be, Yehowa tɔ ye nye, ame keme atsɔ Yakob ƒe ŋkɔ na eɖokui, eye ame bubu aŋlɔ Yehowa ɖe eƒe asi ŋu, eye wòaƒo Israel ŋkɔ ɖo na eɖokui.
Eka de dzi na Yehowa egbea bena, eya nye yeƒe Mawu, eye yeazɔ eƒe mowo dzi, yealé eƒe ɖoɖowo, sewo kple kɔnuwo me de asi, eye yeado to eƒe gbe.
Ne miegblẽ Yehowa ɖi, eye miesubɔ mawu bubuwo la, ekema ahe vɔ̃ ava mia dzi, eye woatsrɔ̃ mi ɖa, evɔ wònye ewɔ nyuie na mi va yi hafi.
Yosua gblɔ na dukɔ la bena: Mia ŋutɔwoe nye ɖasefo na mia ɖokui be, mietia Yehowa, be miasubɔ. Woɖo ŋu be: Ẽ, mia ŋu tɔwoe nye ɖasefo.