Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 24:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Yehowa nyã dukɔwo katã kple Amoritɔ, siwo nɔ anyigba dzi la, ɖa le mía ŋgɔ. Miawo hã miasubɔ Yehowa, elabena eyae nye mía Mawu!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Yehowae nya Amoritɔwo kple dukɔ bubu siwo nɔ anyigba sia dzi. Ɛ̃, míetia Yehowa, elabena eya ɖeka koe nye Mawu.”

Onani mutuwo Koperani




Yosua 24:18
13 Mawu Ofanana  

Oo Yehowa, wò dɔla menye, wò dɔla, si nye wò dɔlanyɔnu ƒe vi la, menye; wòe tu nye bablawo.


eye bene nava xlẽ nusiwo mewɔ Egiptetɔwo kple dzesi, siwo mewɔ le wo dome la, afia viwòwo kple wò tɔgbuiyɔviwo, bena miadze sii be, nyee nye Yehowa.


Nye ŋusẽ kple kafukafuha enye Yehowa, elabe eya gbɔ ɖeɖe tso va nam. Nye Mawue, eyata makafui, fofonye ƒe Mawue, eyata madoe ɖe dzi!


Eye mana wò liƒowo natso Avaƒu la nu vaseɖe Filistitɔwo ƒe ƒu la nu, tso gbedzi vaseɖe tɔsisi la nu; elabena matsɔ anyigbadzitɔwo ade asi na wò, eye nanyã wo le dowòme.


Eye ɖukɔ geɖewo atso agblɔ bena: „Mina míayi Yehowaƒe to la kple Yakob ƒe Mawu ƒe aƒe la gbɔ, ne wòafia eƒe mɔwo mí, eye míazɔ eƒe toƒewo!“ Elabena nufiame atso Zion, eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem.


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ɣemaɣi la ŋutsu awu atso dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo kalã me alé Yuda-ŋutsu ɖeka ƒe awu toga agblɔ bena: Miayi kpli mi, elabena míese be, Mawu li kpli mi.


Agbadɔ sia hã ɖo mia fofowo si me, eye woawo kple Yosua wotsɔe va dukɔ, siwo Mawu tu asii ɖa tso mia fofowo ƒe ŋku me la ƒe anyigba dzi vaseɖe Dawid ƒe ŋkekeawo dzi,


Eya nye wò kafukafu kple wò Mawu, si wo nu gã dziŋɔwo, esiwo nèkpɔ kple ŋku la na wò.


Blema-Mawu la enye sitsoƒe, kple abɔ mavɔwo le anyigba afi. Enyã futɔwo le ŋgɔwò, eye wògblɔ be: Mitsrɔ̃ wo!


Yehowa nyã dukɔ gã kple dukɔ sesẽwo ɖa le nua ŋgɔ, ke miawo la amea ɖeke mete ŋu nɔ te ɖe mia nu vaseɖe fifi o.


Ke boŋ Yehowa enye mía Mawu, eyae kplɔ mía kple mia fofowo tso Egipte-nyigba dzi le kluvinyenyeƒe me, eye wòwɔ dzesi gã siawo le mía ŋku me, eye wòkpɔ mia ta le mɔ blibo, si miezɔ heto dukɔ geɖewo dome la dzi.


Yosua ɖo ŋu na dukɔ la bena: Miate ŋu asubɔ Yehowa o, elabena Mawu kɔkɔe kple Mawu hã ŋu wònye, matsɔ miaƒe vodadawo kple nuvɔ̃wo ake mi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa