Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 24:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eyome mietso Yordan va Yerixo; tete Yerixotɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Girgasitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo va wo aʋa kpli mi, eye metso wo ɖe asi na mi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 “ ‘Mietso Yɔdan tɔsisi la, eye mieva Yeriko, afi ma tɔwo wɔ aʋa kpli mi abe ale si Amoritɔwo, Perizitɔwo, Kanaantɔwo, Hititɔwo, Girgasitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo siaa wɔ ene. Wowɔ aʋa kpli mi ɖeka ɖeka, gake metsrɔ̃ wo katã.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 24:11
25 Mawu Ofanana  

Kenitɔwo, Kinizitɔwo, Kadmonitɔwo,


Etsɔ dukɔwo ƒe anyigbawo na wo, ne woaxe nusi dukɔwo dagba kpɔ la, woanye wo tɔ;


Atsiaƒu kpɔe, eye wosi, Yordan gbugbɔ ɖe megbe;


Atsiaƒu, nya kae dzɔ, be nèsi, wò, Yordan, be nègbugbɔ ɖe megbe?


Ne Yehowa akplɔ wò ava Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba, si ŋu wòka atam ɖo na fofowòwo be, yeatsɔe na wò, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi la, ekema naɖo ŋku subɔsubɔ sia dzi.


Ne nye ɖɔla dze ŋgɔwò, eye wòkplɔ wò va Amoritɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo, Kanaanitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo gbɔ, eye metsrɔ̃ wo la,


Madɔ téamekplɔɖoewo ɖe ŋgɔwò, bena wòanya Xiwitɔwo, Kanaanitɔwo kple Xititɔwo le ŋgɔwò.


Eye mana wò liƒowo natso Avaƒu la nu vaseɖe Filistitɔwo ƒe ƒu la nu, tso gbedzi vaseɖe tɔsisi la nu; elabena matsɔ anyigbadzitɔwo ade asi na wò, eye nanyã wo le dowòme.


Eyata medo bena, made mi atso Egiptetɔwo ƒe teteɖanyi la me akplɔ mi ayi Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba dzi, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo.


Eye meɖi va, be maɖe wo le Egiptetɔwo si me, eye makplɔ wo atso anyigba sia dzi ayi ɖe, anyigba, si nyo, eye wòlólo la dzi, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ do, afisi Kanaanitɔwo. Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo le.


Madɔ dɔla ɖe ŋgɔwò, bena wòanya Kanaanitɔwo, Amoritɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo,


Eye wòtsrɔ̃ dukɔ adre le Kanaan-nyigba dzi, eye wòmã woƒe anyigba me na wo hena domenymyi.


Agbadɔ sia hã ɖo mia fofowo si me, eye woawo kple Yosua wotsɔe va dukɔ, siwo Mawu tu asii ɖa tso mia fofowo ƒe ŋku me la ƒe anyigba dzi vaseɖe Dawid ƒe ŋkekeawo dzi,


Ne Yehowa, wò Mawu, akplɔ wò ava anyigba, si dzi yim nèle, be naxɔe wòanye tɔwo la dzi, eye wòanya dukɔ geɖewo ɖa le ŋgɔwò: Xititɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo, dukɔ adre, siwo sɔ gbɔ, eye wosesẽ wu wò,


Eye Yosua gblɔ bena: Esia miatsɔ adze sii bena, Mawu gbagbe le mia dome, eye wòle Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Xiwitɔwo, Perizitɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo kple Yebusitɔwo nyã ge da le mia ŋgɔ vavã.


Esi dukɔ blibo la ɖi go ɖe Yordan godo vɔ la, Yehowa gblɔ na Yosua bena:


Dukɔ la ɖi go ɖe Yordan godo le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke ewolia dzi, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Gilgal le Yerixo ƒe ɣedzeƒe gome.


elabena Yehowa, mia Mawu, na Yordan me tsi la mie le mia ŋgɔ, eye mieto eme yi, abe alesi Yehowa, mia Mawu, na Avaƒu la mie le mía ŋgɔ, eye mieto eme yi ene;


wo katã ƒo ta kpli, be yewoawɔ aʋa kple Yosua kpakple Israel.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa