8 ke boŋ nuku ɖe Yehowa, mia Mawu la ŋu, abe alesi miewɔ vaseɖe egbe ene.
8 Ke midze Yehowa, miaƒe Mawu la yome abe ale si miele wɔwɔm va se ɖe fifia ene.
Eku ɖe Yehowa ŋu, eye mele ɖa le eŋu o, eye wòle Yehowa ƒe se, siwo wòde na Mose la me ɖe asi.
Esi amesia va, eye wòkpɔ Mawu ƒe amenuvevea la, edzɔ dzi, eye wòde dzi ƒo na wo katã bena, woanɔ Aƒetɔ la gbɔ kple woƒe dzimeɖoɖo.
Vɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nasubɔe, ku ɖe eŋu, eye eƒe ŋkɔ dzi naka atam ɖo.
Elabena ne miewɔ se, siwo katã meɖe na mi egbe, be miawɔ la dzi pɛpɛpɛ, mielɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, miezɔ eƒe mɔwo katã dzi, eye mieku ɖe eŋu la,
ekema migaɖo to nyagblɔɖila alo drɔ̃ekula ma ƒe nyawo o, elabena ɖe Yehowa, mia Mawu la, Me mia dom kpɔ, ne yeadze sii be, mielɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, tso miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo me hã?
Midze Yehowa, mia Mawu yome, eye nuvɔ̃e, milé eƒe sewo me ɖe asi, eye miɖo to eƒe gbe, misubɔe, eye miku ɖe eŋu.
ke mi, amesiwo ku ɖe Yehowa, mia Mawu ŋu la, mietsi agbe va do egbee.
miatsrɔ̃ abe dukɔ, siwo Yehowa be, yeatsrɔ̃ ɖa le mia ŋgɔ la ene, le esi mieɖo to Yehowa, mia Mawu, ƒe gbe o la ta!
Ɖeko mikpɔ nyuie, be miawɔ ɖoɖo kple se, siwo Yehowa ƒe dɔla Mose gblɔ na mi la dzi; milɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, eye mizɔ eƒe mowo katã dzi, midzra eƒe seawo ɖo, miku ɖe eŋu, eye misubɔe tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me!
Migatra ɖe dukɔ, siwo kpɔtɔ ɖi la, dome o, eye woƒe mawuwo ŋkɔ megava mia nu, alo miatsɔ wo aka atam o, migasubɔ wo, eye migade ta agu na wo o,
Yehowa nyã dukɔ gã kple dukɔ sesẽwo ɖa le nua ŋgɔ, ke miawo la amea ɖeke mete ŋu nɔ te ɖe mia nu vaseɖe fifi o.