Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 23:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Migatra ɖe dukɔ, siwo kpɔtɔ ɖi la, dome o, eye woƒe mawuwo ŋkɔ megava mia nu, alo miatsɔ wo aka atam o, migasubɔ wo, eye migade ta agu na wo o,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Mikpɔ nyuie be, miade ha kple trɔ̃subɔla siwo gale anyigba la dzi kura o. Migayɔ woƒe mawuwo ƒe ŋkɔ gɔ̃ hã o; migawɔ woƒe ŋkɔ ŋu dɔ le atamkaka me o, eye migasubɔ wo o.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 23:7
23 Mawu Ofanana  

Wosubɔ legbawo, evɔ wònye Yehowa gblɔ na wo be, migawɔe o hafi!


Negbe esia ko Yehowa natsɔ ake eƒe dɔla: Nenye be, nye aƒetɔ yi Rimon ƒe me, be wòaɖe ta agu le afima, eye wòziɔ ɖe nye alo ŋu la, ekema nye hã made ta agu le Rimon ƒe me; Yehowa natsɔ gbe, siwo mado ɖa le Rimon ƒe me la, ake eƒe dɔla.


Ke ne mietrɔ, eye mieɖe asi le nye ɖoɖo kple nye se, siwo mede asi na mi la ŋu, eye mieyi ɖasubɔ mawu bubuwo hede ta agu na wo la,


Vevesesewo dzina ɖe dzi na amesiwo tsɔa Mawu ɖɔa li mawu bubuwoe; nyemaƒo woƒe vɔsaʋu ɖe anyi o, eye woƒe ŋkɔ mava nye nu me o.


Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye, amesi ɖoa fofowo ƒe vodada teƒe na ɖevi, siwo léa tum la, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi;


Midzra nya sia nya, si megblɔ na mi la ɖo. Migaɖu mawu bubuwo ƒe tame o, eye womagase woƒe ŋkɔ hã le nua nu o.


Womeganɔ wò anyigba dzi o, ne womagava ble wò nawɔ nuvɔ̃ ɖe ŋunye o. Elabena ne èsubɔ woƒe mawuwo la, atrɔ zu mɔ̃ aɖe wò.


Megage ɖe ame vɔɖiwo toƒe o, eye megazɔ ame vlowo ƒe mɔ dzi o.


Eye ne wosrɔ̃ nye dukɔ ƒe mɔwo, be woaka atam le nye ŋkɔ me, abe alesi wòfiã nye dukɔ be, woata Baal ene be: „Meta Yehowa ƒe agbe“ la, ekema woaɖo wo gɔme anyi ɖe nye dukɔ la dome.


Aleke màtsɔe ake wò? Viwòwo gblẽm ɖi, woɖakpe ta ɖe gboloxɔ me.


Matse eƒe weingble nɛ de afima, eye nuxaxabali me la atrɔ zu mɔkpɔkpɔ ƒe agbo! Adzi ha le afima abe le eƒe ɖetugbimenɔɣi kple ɣeyiɣi, si wòʋu tso Egipte-nyigba dzi la ene.


matsrɔ̃ amesiwo dea ta agu na dziƒo ŋu nuwo la, akpe ɖe amesiwo dea ta agu na Yehowa, gake wogakaa atam na Milkom la siaa ŋu;


Neho, Baal-Meon kple Sibma, eye wotrɔ ŋkɔ na wo hetsɔ ŋkɔ yeye na du, siwo wotso la.


Ke ne mienyã anyigbadzinɔlawo le mia ŋgɔ o la, ekema amesiwo miegblẽ ɖi la, atro zu ŋu ano miaƒe ŋku ta kple aŋɔka anɔ mia xa, eye woaxaxa mi ɖo le anyigba, si dzi miele la dzi.


Migana woable mi o! Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.


eye migade ha kple viviti me dɔwɔwɔ, siwo metsea ku o la o, ke mihe nya ɖe wo ŋu boŋ.


Vɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nasubɔe, ku ɖe eŋu, eye eƒe ŋkɔ dzi naka atam ɖo.


Vɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nasubɔe, eye natsɔ eƒe ŋkɔ aka atame.


Migadze dukɔ, siwo ƒo xlã mi la, ƒe mawuwo yome o.


Ke ne mietrɔ heku ɖe dukɔ, siwo kpɔtɔ ɖe mia gbɔ la ŋu, eye mieɖo ƒome kpli wo, mieyi wo dome, eye woawo hã va mia dome la,


ke boŋ nuku ɖe Yehowa, mia Mawu la ŋu, abe alesi miewɔ vaseɖe egbe ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa