Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 23:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Yosua yɔ Israel blibo la, woƒe ame tsitsiwo kple tatɔwo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo gblɔ na wo bena: Metsi, eye mexɔ ƒe geɖe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 yɔ Israel ƒe kplɔlawo, ametsitsiwo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple dɔdzikpɔlawo katã ƒo ƒu hegblɔ na wo be, “Fifia metsi azɔ.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 23:2
11 Mawu Ofanana  

Esi fia Dawid ku amegã xɔ ƒe geɖe la, wotsyɔa avɔwo ne, gake dzo meɖoa eƒe lã me o.


Ɣemaɣi la Salomo ƒo Israel-ame tsitsiwo kple toawo ƒe tatɔwo katã kpakple Israel-viwo ƒe aƒekɔwo ƒe amegãwo nu ƒu de fia Salomo gbɔ le Yerusalem, bena woaɖatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso Dawid ƒe ɖu, si nye Zion la me vɛ.


Eye wòƒo Israel-amegãwo katã, nunɔlawo kple Lewi-viwo nu ƒu.


Simei, Ramatitɔ, le weingblewo nu; eye Zabdi, Sifmitɔ, le wein, siwo wotsɔ tso weingblewo me dzra ɖo la nu.


Tele Dawid ƒo Israel ƒe amegãwo katã, toawo ƒe amegãwo, hawo ƒe amegã, siwo subɔa fia la, ame akpewo ƒe amegãwo kple ame alafawo ƒe amegãwo kpakple amesiwo kpɔa fia la kple viawo ƒe kesinɔnuwo kple lãhawo dzi la nu ƒu ɖe Yerusalem hekpe ɖe aƒedzikpɔlawo, kalẽtɔwo kple ŋutsu ŋkumesesẽtɔwo katã ŋu.


Miƒo miaƒe towo ƒe ame tsitsiwo katã kple mia dzikpɔlawo nu ƒu ɖe gbɔnye, ne magblɔ nya siawo ɖe woƒe to me, eye mata dziƒo kple anyigba na wo.


Esi Yosua tsi xɔ ƒe geɖe la, Yehowa gblɔ nɛ bena: Etsi, eye nèxɔ ƒe geɖe; anyigba geɖe kpɔtɔ womexɔ haɖe o.


Mia ŋutɔwo miekpɔ nusiwo Yehowa, mia Mawu la, wɔ dukɔ siawo katã le mia ŋgɔ, elabena Yehowa, mia Mawue, wɔ aʋa na mi.


Tete Yosua na Israel-toawo katã va kpe ta ɖe Sixem, eye wòyɔ ame tsitsiwo kple tatɔwo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo, eye wova tsi tre ɖe Mawu ŋku me.


Azɔ fia la adze mia ŋgɔ. Ke nye la metsi, meƒo wɔ, eye vinyewo le mia dome; gake mezɔ mia ŋgɔ tso nye ɖekakpuime vaseɖe egbe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa