Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 23:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ne mietu Yehowa, mia Mawu la ƒe nu, si wòbia kpli mi, eye mieyi ɖasubɔ mawu bubuwo hede ta agu na wo la, ekema Yehowa ado dɔmedzoe ɖe mia ŋu, eye miatsrɔ̃ avɔ xoxoxo le anyigba nyui, si wòna mi la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Ne miewɔ nubabla si Yehowa wɔ kpli mi dzi o, eye ne miesubɔ Mawu bubuwo la, ekema ahe to na mi le eƒe dɔmedzoe me, eye eteƒe madidi o la, mia dometɔ aɖeke magasusɔ ɖe anyigba nyui si Yehowa tsɔ na mi la dzi o.”

Onani mutuwo Koperani




Yosua 23:16
16 Mawu Ofanana  

Yehowa asi Israel, eye woaʋuʋu, abe alesi aƒla ʋuʋuna le tɔ me ene, eve woaɖe Israel ɖa le anyigba nyui sia, si wotsɔ na wo fofowo la dzi, eye wòaka wo ahlẽ ɖe tɔsisi la godo, elabena wowɔ Aserawo hetsɔ do dziku na Yehowa.


Ne mia kple mia viwo miede megbe le ŋunye, eye mielé nye se kple nye ɖoɖo, siwo mede asi na mi la me ɖe asi o, eye mieyi ɖasubɔ mawu bubuwo hede ta agu na wo la,


ekema matsrɔ̃ Israel ɖa le anyigba, si mena wo la dzi, eye mate xɔ sia, si ŋu mekɔ hena nye ŋkɔ la ɖa le ŋkunye me, eye Israel azu hamelo kple alɔmeɖenu le dukɔwo katã dome.


Elabena Israel-viwo wɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa, woƒe Mawu, si kplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi tso Egipte-fia Farao ƒe ŋusẽ nu la ŋu, eye wovɔ̃ mawu bubuwo.


Elabena le Yehowa ƒe dɔmedzoe la ta wòva me na Yerusalem kple Yuda alea, vaseɖe esime wòte wo da le eƒe ŋku la. Eye Zedekiya dze aglã ɖe Babel-fia ŋu.


Wogblẽ kɔ ɖo na anyigba to edzi nɔlawo dzi, elabena woda seawo dzi, wòto vo ɖe ɖoɖoawo ŋu, eye wotu nubabla mavɔ la.


Eye wova hexɔe wònye wo tɔ, ke wogbe toɖoɖo wò gbe, womezɔ ɖe wò seawo nu o, eye womewɔ nusiwo katã ŋu nèɖe se le na wo la o; eyata nèna dzɔgbevɔ̃e siawo katã va wo dzi ɖo.


Kpɔ ɖa, kpoƒuƒu va keke dua ŋu ke, ne woaxɔe, eye woatsɔ du la ade asi na Kaldeatɔ, siwo le aʋa wum kplii, le yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ta; nya, si nègblɔ la, va me, eye nèle ekpɔm tso,


Eye matsɔ nusi meɖi be, mawɔ wo la, awɔ mi.


eye wòyi ɖasubɔ mawu bubuwo hede ta agu na wo, eɖanye ɣe alo ɣleti alo dziƒonuwo katã, nusiwo ŋu nyemeɖe se le o,


Ke ne mèɖo to Yehowa, wò Mawu ƒe gbe o, eye melé se kple ɖoɖo, siwo katã megblɔ na wò egbe la me ɖe asi hewɔ wo dzi o la, ekema fiƒode siawo katã ava dziwò, eye woaɖi ŋuwò.


Elabena Yehowa, wò Mawu la, ŋuʋã Mawu wònye le dowòme, bena Yehowa magaɖo dɔmedzoe ɖe ŋuwò, eye woatsrɔ̃ wò ɖa le anyigba dzi o.


Eyata Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu, eye wòtsɔ wo de asi na adzowɔlawo woda adzo wo, eye wotsɔ wo dzra na woƒe futɔ, siwo ƒo xlã wo godoo la; eye womegale ŋu nɔ te ɖe woƒe futɔwo nu o.


Tete Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu gblɔ bena: Esi dukɔ sia tu nye nu, si mebia kple wo fofowo, eye meɖo to nye gbe o la,


Ke ne miewɔ nu vlo la, ekema atsrɔ̃ mia kple miaƒe fia siaa ɖa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa