Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 23:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Mikpɔ ɖa, mele demagbɔnugbe yi ge, ke miawo mienyae tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me bena, nyaa ɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o, wo katã va me na mi, eye nya ku ɖeka hɔ̃ hã meto le eme o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 “Esusɔ vie ko maku. Mia dometɔ ɖe sia ɖe nya nyuie le eƒe dzi me be Yehowa miaƒe Mawu na nu nyui siwo katã ŋugbe wòdo la mi, ɖeke meda le edzi o.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 23:14
16 Mawu Ofanana  

Esi Israel kpɔ be, yeƒe kuɣi le ɖoɖom la, ena woyɔ via Yosef vɛ, eye wògblɔ nɛ bena: Ne mele vevie na wò la, ekema tsɔ wò asi ɖo nye ali me, eye nave nunye, aɖi anukware nam bena, màɖim ɖe Egipte o;


Mele demagbɔnugbe yim, eyata sẽ ŋu, eye wɔ ŋutsu.


Woakafu Yehowa, amesi na gbɔɖeme eƒe dukɔ Israel pɛpɛpɛ, abe alesi wògblɔ ene; naneke meto le nya nyui, siwo katã wògblɔ to eƒe dɔla Mose dzi la me o.


Elabena menyae be, àkplɔm ade asi na ku, eye mayi xɔ, si me agbãgbeawo katã ƒoa ta kpli do la me.


Eye meɖi va, be maɖe wo le Egiptetɔwo si me, eye makplɔ wo atso anyigba sia dzi ayi ɖe, anyigba, si nyo, eye wòlólo la dzi, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ do, afisi Kanaanitɔwo. Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo le.


togbɛwo hã dzia ŋɔ na ame, eye ŋɔdzi nɔa mawo dzi; wotsria azi, eye ʋetsuviwo tea texlolo, eye nuɖuɖu medzroa ame o; elabena amegbetɔ yia eƒe aƒe mavɔ me, eye konyifalawo nɔa yiyim le kpɔɖome;


Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.


Esi mekplɔ wo va anyigba, si ŋu meka atam ɖo be, matsɔ na wo la dzi, eye wokpɔ togbɛ kɔkɔ sia togbɛ kɔkɔ kple ati dodo sia ati dodo la, wosa woƒe akpedavɔwo le afima, eye wohe woƒe vɔsanu kudzinamewo va afima, wodo dzudzɔ ʋeʋẽe le afima, eye woƒo tsi ɖe anyi ɖe afima.


Mawu menye amegbetɔ wonye, ne wòaka aʋatso o eye menye amegbetɔwo ƒe vi wònye, ne wòatrɔ nya o. Ɖe woagblɔ nya, eye mawo edzi oa? Ɖe woaƒo nu, eye mawɔe oa?


Dzi kple anyigba nu lava yi, ke nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o.


Eye alesi woɖoe na ame be, woaku zi ɖeka, eye esia megbe wòakpɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la,


Samuel va tsi, eye Yehowa nɔ kplii, eye mena nyaa ɖeke to le nya, siwo wògblɔ la me o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa