Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 23:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Mia dome ŋutsu ɖeka te ŋu nyã ame akpe, elabena Yehowa, mia Mawue, wɔ ana na mi, abe alesi wòdo ŋugbe na mi ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Mia dometɔ ɖeka ɖe sia ɖe te ŋu nya futɔ akpe ɖeka ɖe du nu, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la wɔa aʋa na mi,

Onani mutuwo Koperani




Yosua 23:10
27 Mawu Ofanana  

Dawid ƒe kalẽtɔwo ŋkɔwo nye esi: Isbaal, Xaxmoni vi, amesi nye fia ŋu asrafowo ƒe amegã, eya da eƒe akplɔ zi ɖeka to ame tsiaʋa alafa enyi dzi.


Mawu kpe ɖe wo ŋu, ale be Hagritɔwo kple amesiwo katã kpe ɖe wo ŋu la, ge ɖewo si me; elabena wodo ɣli yɔ Mawu le aʋa la me, eye wòɖo to wo, le esi woɖo ŋu ɖe eŋu ta.


Elabena woda nu ame geɖewo woku, elabena aʋa la tso Mawu gbɔ̃; eye wono wo, teƒe vaseɖe aboyoɖeŋɔli.


Dawid tɔ. Yehowa, wɔ avu kple amesiwo le avu wɔm kplim, wɔ aʋa kple amesiwo le aʋa wɔm kplim!


Dukɔwo dze agbo, ke de le fiaɖuƒewo te; enu eƒe gbe di, tete anyigba lólo.


Yehowa le aʋa wo ge ɖe mia nu, ke miawo la mizi kpi ko!


Mia dometɔ akpe ɖeka asi le ame ɖeka kolia ƒe bublu nu, eye mi katã miasi le ame atɔ ƒe bublu nu, vaseɖe esime miasusɔ abe aflagati le to ta me kple aflaga le togbɛ dzi ene.


Mianya miaƒe futɔwo, eye woatsi miaƒe yi nu.


Mia dometɔ atɔ̃ anyẽ ame alafa ɖeka, eye mia dometɔ alafa ɖeka anyã ame akpe ewo, eye miaƒe futɔwo atsi miaƒe yi nu.


Ɣemaɣl la Yehowa akpɔ Yerusalemtɔwo ta, woƒe ame beliwo anɔ ɣemaɣi abe Dawid ene, eye Dawid ƒe aƒe la anɔ abe Mawu ene, abe Yehowa ƒe dɔla ene adze wo ŋgɔ.


Azɔ, nuka gblɔ ge míala le esia ŋutii? Ne Mawu le mia dzi la, ameka atsi tre ɖe mía ŋutii?


agblɔ na wo bena: Israel see, egbe miele aʋa ho ge ɖe miaƒe futowo ŋu, dzi megaɖe le mia ƒo o, eye migavɔ̃ o, dzidzi megaƒo mi o, eye womegadzi ŋɔ na mi o!


Elabena Yehowa, mia Mawu, ayi kpli mi, be wòawɔ aʋa kple miaƒe futɔwo na mi, eye wòaxɔ na mi.


Yehowa, wò Mawu, asiwò futɔ, siwo ho aʋa ɖe ŋuwò la, le ŋgɔwò; mɔ ɖeka dzi woato aho ɖe ŋuwò, ke mɔ adre dzi woato asi le nuwo.


Megavɔ̃ wo o, elabena Yehowa, mia Mawue le aʋa wɔm na mi!


hegblɔ bena: Maɣla nye ŋku me ɖe wo, ne makpɔ nusi ava dzɔ ɖewo dzi. Elabena dzidzime tovo kple vi maɖianukwarewo wonye.


Aleke ame ɖeka ate ŋu anyẽ ame akpe, eye ame eve ale ŋu aɖe ame akpe ewo ɖe nu, ne menye woƒe agakpee tsɔ wo dzra, eye ne menye Yehowae tso wo de asi o?


Eye Yosua ɖu fia siawo katã kple woƒe anyigbawo dzi zi ɖeka, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu lae wɔ aʋa na Israel.


Eyata mikpɔ nyuie le miaƒe agbe ŋu, ne míala Yehowa, mia Mawu la.


Mia ŋutɔwo miekpɔ nusiwo Yehowa, mia Mawu la, wɔ dukɔ siawo katã le mia ŋgɔ, elabena Yehowa, mia Mawue, wɔ aʋa na mi.


Eye wòkpɔ tedziglã mumua ɖe hedo asi ɖa tsɔe wu ame akpe ɖeka.


Eye Samgar, Anat vi, dze eyome, amesi tsɔ nyikplɔti wu Filistitɔ ame alafa ade, eye eya hã ɖe Israel.


Eye Yonatan gblɔ na ɖekakpui, si nye eƒe adekplɔvi la bena: Va miyi bolotɔ siawo ƒe dzɔlawo gbɔ! Ɖewohĩ Yehowa awɔ nane ɖe mía nu, elabena mesesẽ na Yehowa be, wòatsɔ ame geɖe alo ame ʋee axɔ na ame o!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa