Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 23:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esi Yehowa na Israel kpɔ gbɔdzɔe tso eƒe futɔ, siwo katã ƒo xlãe godoo, si me eteƒe didi, eye Yosua tsi xɔ ƒe geɖe la,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Le esiawo katã megbe esi Yehowa na be Israelviwo ɖu woƒe futɔwo katã dzi, eye wokpɔ gbɔdzɔe la, Yosua, ame si zu amegãɖeɖi azɔ la

Onani mutuwo Koperani




Yosua 23:1
15 Mawu Ofanana  

Ke Abraham ku amegã ɖeɖi, eye agbenɔnɔ tii hafi wòku, eye wòyi ɖe tɔgbuiawo gbɔ.


Esi fia Dawid ku amegã xɔ ƒe geɖe la, wotsyɔa avɔwo ne, gake dzo meɖoa eƒe lã me o.


Elabena Dawid gblɔ be: Esi Yehowa, Israel ƒe Mawu la, na gbɔdzɔe eƒe dukɔ, eye wole Yerusalem no ge tegbee la,


Esiawo nye Israel-viwo le woƒe xexlẽmewo nu, aƒekɔwo ƒe tatɔwo, ame akpewo kple ame alafawo ƒe amegãwo kpakple woƒe dɔdzikpɔlawo, amesiwo subɔ fia la, ha sia ha le eƒe ɖoɖo nu; wovana, eye wodzona dzinu sia dzinu le ƒe la me; ha sia ha le ame akpe blave vɔ ene.


Eye Asa wo nusi nyo, eye wòdze Yehowa, eƒe Mawu la ŋu.


Etso du sesẽwo ɖe Yuda, elabena anyigba la kpɔ gbɔdzɔe, eye mewo aʋaa ɖeke le ƒe siawo me o, elabena Yehowa na eŋuti fa.


Ale Yosafat ƒe fiaɖuƒe la ŋu fa, elabena Mawu na wokpɔ gbɔdzɔe godoo va kpe.


Miva kpa Yehowa ƒe nuwɔwɔwo, amesi doa aƒedo anyigba,


Yehowa ƒe gbɔgbɔ kplɔ wo yi gbɔɖemeƒe, abe alesi lã yia bali me ene. Ale nèkplɔ wò dukɔ la, be nade ŋkɔ gã ɖokuiwò ŋu.


eye wògblɔ na wo bena: Ƒe alafa ɖeka blave enye si mexɔ egbe sia, nyemate ŋu agado o, eye nyemate ŋu agava me o. Yehowa gblɔ nam bena, nyematso Yordan sia o,


Ale Yosua xɔ anyigba blibo la, abe alesi Yehowa gblɔ na Mose pɛpɛpɛ ene, eye Yosua mãe na Israel, to sia to kple etɔ, eye anyigba la kpɔ gbɔdzɔe tso aʋawɔwɔ me.


Esi Yosua tsi xɔ ƒe geɖe la, Yehowa gblɔ nɛ bena: Etsi, eye nèxɔ ƒe geɖe; anyigba geɖe kpɔtɔ womexɔ haɖe o.


Eye Yehowa na wokpɔ gbɔdzɔe le afisiafi, abe alesi wòka atam na wo fofowo pɛpɛpɛ ene; woƒe futɔwo katã dometɔa ɖeke menɔ te ɖe wo nu o, ke boŋ Yehowa tsɔ woƒe futɔwo katã de asi na wo.


Ke azɔ Yehowa, mia Mawu, na mia nɔviwò kpɔ gbɔdzɔe, abe alesi wòdo ŋugbe na wo ene; eyata migbugbɔ yi miaƒe agbadɔwo me le miaƒe anyigba, si Yehowa ƒe dɔla Mose na mi le Yordan godo la dzi.


Azɔ fia la adze mia ŋgɔ. Ke nye la metsi, meƒo wɔ, eye vinyewo le mia dome; gake mezɔ mia ŋgɔ tso nye ɖekakpuime vaseɖe egbe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa