Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 22:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Tete Ruben-viwo kple Gad-viwo kpakple Manase ƒe to afã la gbugbɔ tso Israel-viwo gbɔ le Silo le Kanaan-nyigba dzi heyi woawo ŋutɔ ƒe anyigba Gilead, si woxɔ la dzi, abe alesi Yehowa gblɔ to Mose dzi ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Ale Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã la dzo le Israelviwo ƒe aʋakɔ la me le Silo, le Kanaanyigba dzi. Wotso tɔsisi la heyi woƒe anyigba dzi le Gilead.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 22:9
19 Mawu Ofanana  

eye wòɖoe fia ɖe Gilead kple Asertɔwo, Yezreel, Efrayim, Benyamin kple Israel blibo la dzi.


enɔ ɣedzeƒe gome ɖo ta gbe dzi tso Frat-tɔsisi la nu, elabena woƒe lãwo dzi ɖe dzi le Gilead-nyigba dzi.


Ne woaxɔ na wò ame lɔlɔ̃wo, tsɔ wò nuɖusi ɖe mi, eye naɖo to mi!


Eye lã geɖewo le Ruben-viwo kple Gad-viwo si. Eye wokpɔ Yaezer kple Gilead-nyigba bena, enye afisi nyo na lãnyinyi.


Tete Mose gblɔ na wo bena: Ne miawɔ alea, eye miabla akpa le Yehowa ŋku me hena aʋayiyi:


eye anyigba la na ta le Yehowa ŋku me, emegbe hafi mietrɔ la, ekema miaɖi fɔ le Yehowa kple Israel ŋku me o, eye anyigba sia azu mia tɔ le Yehowa ŋku me.


Mia viwo kple nua srɔ̃wo, miaƒe lãwo kple míaƒe agbatsɔlãwo katã natsi Gilead-duwo me.


eye Mose gblɔ na wo bena: Ne Gad-viwo kple Ruben-viwo katã abla akpa le Yehowa ŋku me ayi aʋa kpli mi le Yordan godo, eye anyigba: la ana ta mi la, ekema mitsɔ Gilead-nyigba na wo, ne wòanye wo tɔ.


Ɣemaɣi meɖe se na mi bena: Yehowa, mia Mawu, tsɔ anyigba sia na mi, ne wòanye mia tɔ; mi kalẽtɔwo katã mibla akpa dze mia nɔvi Israel-viwo ŋgɔ;


vaseɖe esime Yehowa nana gbɔdzɔe mia nɔviwo abe miawo ke ene, eye woaxɔ anyigba, si Yehowa, mia Mawu, le wo na ge le Yordan ƒe go keme dzi, hafi mia dome amesiame nagbugbɔ ava anyigba, si mena mi la dzi.


Esi Mose lia Nebo-to la hede Pisga tame le Moab-tagba le Yerixo kasa la, Yehowa na wòkpɔ anyigba blibo la tso Gilead vaseɖe Dan,


Gilead kple Gesuritɔwo kpakple Maaxatitɔwo ƒe anyigba, Xermon-to blibo la kple Basan blibo la vaseɖe Salxa;


Yazer kple Gilead-duwo katã. Amon-viwo ƒe anyigba afã vaseɖe Aroer, si le Raba kasa la gbɔ,


Eye wotso Gilead afã, Astarot kple Edrei, du, siwo le Og, Basan-fia, ƒe fiaɖuƒe me, na Manase vi, Maxir-viwo ƒe afã.


Eye esi wova ɖo Yordan-nutowo me le Kanaan-nyigba dzi la, Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase-to afã la ɖi vɔsamlekpui gã nyuia ɖe ɖe Yordan nu afima.


Tete Israel-viwo katã ho, eye ameha la kpe ta abe ame ɖeka ene tso Dan vaseɖe Beerseba kple Gilead-nyigba dzi ɖe Yehowa gbɔ le Mizpa.


Gilead tsi Yordan ƒe go keme dzi bɔkɔɔ. Nukaŋuti Dan nye amedzro le nuwo me? Aser baba nɔ ƒuta, eye wòtsyɔ akɔ anyi ɖe eƒe adɔ̃wo nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa