Eye Dawid ma abolo bɔbɔ, lãkɔ kple weintsetse ƒuƒu abolo ɖekaɖeka na dukɔ la katã, si nye Israel ƒe ameha blibo la dome amesiame, eye dukɔ blibo la dome amesiame yi eƒe xɔ nu.
Esi Dawid yi gbe do ge na eƒemetɔwo la, tete Saul vinyɔnu Mixal va kpe Dawid gblɔ bena: Aleke gbegbe Israel-fia de bubu eɖokui ŋu heɖe ama le eteviwo ƒe dɔlanyɔnuwo ŋku me egbe, abe alesi yakamewo ɖea amae ene!
Le ŋkeke enyiagbe la edo mɔ dukɔ la, woyra fia la, eye woyi woƒe agbadɔwo me kple dzidzɔ, eye woƒe dzi dze eme le nu nyui, siwo katã Yehowa wo na eƒe dɔla Dawid kple eƒe dukɔ Israel la ŋuti.
Eye Simeon yra wo, eye wògblɔ na dadaa Mana bena: Kpɔ ɖa, woɖo amesia anyi na ame geɖewo ƒe anyidzedze kple tsitretsitsi le Israel, kple dzesi, si woagblɔ nya ɖe eŋuti;
Azɔ Samuel gblɔ fiaɖuɖu ƒe kɔnuwo na dukɔ la, eye woŋlɔ wo ɖe agbalẽ me hetsɔ da ɖe Yehowa ŋku me. Emegbe Samuel ɖe asi le dukɔ blibo la ŋu, amesiame yi aƒe.
Saul tia ame akpe etɔ̃ tso Israel. Ame akpe eve le Saul ŋu le Mixmas kple Betel-to dzi, eye ame akpe ɖeka le Yonatan ŋu le Gibea-Benyamin; ke eɖe asi le dukɔ la ƒe ame mamleawo ŋu, amesiame yi eƒe agbadɔ me.