Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 22:34 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Eye Ruben-viwo kple Gad-viwo na ŋkɔ vɔsamlekpui la bena: „Eya nye ɖase le mía dome be, Yehowae nye Mawu.“

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

34 Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo na ŋkɔ vɔsamlekpui la be, “Ɖaseɖiɖi ƒe Vɔsamlekpui,” elabena wogblɔ be, “Vɔsamlekpui la nye ɖaseɖiɖi le míawo kple woawo dome be Yehowae nye míaƒe Mawu.”

Onani mutuwo Koperani




Yosua 22:34
8 Mawu Ofanana  

Eye Laban na ŋkɔe be Yegar-Saxaduta; ke Yakob na ŋkɔe bena Galed.


Eye Laban gblɔ bena: Kpekɔ sia enye ɖase le mia kple wò dome egbe. Eyata wona ŋkɔe bena Galed kple Mizpa,


Eye esi dukɔ blibo la kpɔe la, wotsyɔ mo anyi hedo ɣli gblɔ bena: Yehowae nye Mawu, Yehowae nye Mawu!


Ɣemaɣi la vɔsamlekpui anɔ Egipte-nyigba titina na Yehowa, eye dzesikpe anɔ eƒe liƒo dzi na Yehowa,


Yehowa be: Miawoe nye nye ɖasetɔwo kple nye dɔla, si metia, ne mianyae, miaxɔ dzinye ase, eye miadze sii be, nyee. Womewɔ mawua ɖeke do ŋgɔ nam o, eye ɖeke mado megbe nam o.


Tete Yesu gblɔ ne bena: Te ɖa le gbɔnye, Satana! Elabena woŋlɔ ɖi bena: „Aƒetɔ, wò Mawu la, nade ta agu na, eye eya ɖeka ko nasubɔ.“


ke boŋ bena wòanye ɖase anɔ mía kple miawo kpakple miaƒe dzidzimeviwo dome, ne miawo hã míatsɔ míaƒe numevɔsawo, kafukafuvɔsawo kple akpedavɔsawo ava subɔ le Yehowa ŋku me, eye ne mia viwo magava gblɔ na mia viwo gbaɖegbe bena gomea ɖeke mele Yehowa gbɔ na mi o!


Tete Yosua gblɔ na dukɔ blibo la bena: Kpɔ ɖa, kpe sia nye ɖase na mi, elabena ese nya, siwo katã Yehowa gblɔ na mi la, eye wòanye ɖase na mi, ne miagasẽ nu le mia Mawu la ŋu o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa