Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 22:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Esi nunɔla Pinehas kple ameha la ƒe amegãwo, siwo kpe ɖe eŋu, amesiwo nye tatɔwo le Israel ƒe ame akpeawo nu, se nya, siwo Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase-viwo gblɔ la, edze wo ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

30 Esi Finehas, nunɔla la kple Israelviwo ƒe tatɔwo se nya siawo tso Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã la nu la, wokpɔ dzidzɔ ŋutɔ.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 22:30
11 Mawu Ofanana  

Esau dze sii bena, Kanaan-vinyɔnuawo medze fofoa Isak ŋu o.


Eye nya la dze fia la kple ameha blibo la ŋu.


Tete nya la dze fia kple amegãwo ŋu, eye fia la wo Memuxan ƒe nya la dzi,


Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu; ke gbe da ɖe ame gbɔ nana dɔmedzoe flana.


Eye esi wose nya siawo la, wozi ɖoɖoe, eye wokafu Mawu gblɔ bena: Ekema Mawu na dzimetɔtrɔ trɔ̃subɔlawo hã hena agbe.


Nede megbe xaa tso mia gbɔ be, miadze aglã ɖe Yehowa ŋu, eye míatrɔ le Yehowa yome egbe, aɖi vɔsamlekpui hena numevɔsa, nuɖuvɔsa kple akpedavɔsa ahakpe ɖe Yehowa, mia Mawu ƒe vɔsamlekpui, si le eƒe nɔƒe nu la ŋuti.


Eye Pinehas, nunɔla Eleazar vi, gblɔ na Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase-vi wo bena: Egbe míedze sii bena, Yehowa le mía dome, elabena esi mieda vo ɖe Yehowa ŋu o la, eyata mieɖe Israel-viwo tso Yehowa si me.


Eye nya la dze Israel-viwo ŋu, eye Israel-viwo kafu Mawu, eye womegadi be, yewoaho aʋa ɖe wo ŋu ahagblẽ anyigba, si dzi Ruben-viwo kple Gad-viwo le la o.


Mawu tso Midian-amegãwo, Oreb kple Zeeb, de asi na mi, eye nuka mewo tso wu mi? Esi wògblɔ nya sia la, woƒe dziku la nu fa.


Tete Axis yɔ Dawid gblɔ nɛ bena: Meta Yehowa ƒe agbe, ame dzɔdzɔe nènye, eye wò aʋahoho kple gbɔgbɔ kplim dze ŋunye; elabena nyemekpɔ vɔ̃a ɖeke le ŋuwò tso gbesigbe nèva gbɔnye vaseɖe egbe o; ke wò nya metrɔ na amegãwo o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa