Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 22:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Nede megbe xaa tso mia gbɔ be, miadze aglã ɖe Yehowa ŋu, eye míatrɔ le Yehowa yome egbe, aɖi vɔsamlekpui hena numevɔsa, nuɖuvɔsa kple akpedavɔsa ahakpe ɖe Yehowa, mia Mawu ƒe vɔsamlekpui, si le eƒe nɔƒe nu la ŋuti.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

29 “Nede megbe xaa tso mía gbɔ be, míagbugbɔ le Yehowa yome alo atsi tsitre ɖe eŋu to vɔsamlekpuiɖiɖi me na mía ɖokui hena numevɔsa kple nuɖuvɔsa kple vɔsa bubuawo. Vɔsamlekpui si le Agbadɔ la ŋkume ko ŋu dɔ míawɔ na vɔsasa.”

Onani mutuwo Koperani




Yosua 22:29
16 Mawu Ofanana  

Eɖo ŋu bena: Esia wɔwɔ neɖe megbe xaa tso gbɔnye! Amesi gbɔ wokpɔ kplua le la, eya anye nye kluvi: ke miawo miagbugbɔ ayi mia fofo gbɔ faa.


Wodo ŋu nɛ bena: Ao, aƒetɔ, nukaŋuti nèle nu ƒom ale? Nu sia wɔwɔ nede megbe xaa tso wò dɔlawo gbɔ!


Nabot ɖo ŋu na Axab bena: Yehowa nena wòaɖe megbe xaa tso gbɔnye be, matsɔ fofonyewo ƒe domenyinu na wò.


Ke ne miegblɔ nam be: Yehowa, mia Mawu la ŋu miele dzi ɖom ɖo la, ekema ɖe menye eya ƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwo Xizkiya ɖe ɖa, eye wògblɔ na Yuda kple Yerusalem bena: Miɖe ta agu ɖe vɔsamlekpui sia ŋgɔ le Yerusalem oa?


Ɖe menye Xizkiya siae ɖe eƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwo ɖa hegblɔ na Yuda kple Yerusalem bena: Miɖe ta agu ɖe vɔsamlekpui ɖeka ko ŋgɔ, eye mido dzudzɔ le edzi oa?


Gbeɖe! Elabena ekema aleke Mawu ladrɔ̃ ʋɔnu xexeamee ma?


Gbeɖe! Aleke gɔ̃ mi amesiwo ku na nuvɔ̃ la, miaganɔ agbe le eme mahã?


Azɔ nuka gblɔ ge míala? Alo Mawu to medzo oa? Gbeɖe!


ekema mitsɔ nusiwo katã ŋu mede se na mi le egbea, siwo nye miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo, miaƒe nuwo ƒe ewolia kple adzɔ, si miaƒe asiwò na, kpakple nusiwo katã miena le mia ɖokui si heɖe adzɔgbe na Yehowa la, va teƒe, si Yehowa, mia Mawu, atia, be yeƒe ŋkɔ nanɔ,


Nenye vɔsamlekpui míeɖi, be míatrɔ le Yehowa yome, eye nenye ɖe míebe, míasa numevɔ kple nuɖuvɔ alo akpedavɔ le edzi la, ekema Yehowa ŋutɔ nekpɔ eme!


Eyata mieɖo be, míaɖi vɔsamlekpui, menye hena numevɔsa alo akpedavɔsa o,


Elabena miebu be, ne woava bia mía kple míaƒe dzidzimeviwo gbaɖegbe la, ekema miagblɔ be: Mikpɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui tɔgbe sia, si mia fofowo wɔ la ɖa, menye hena numevɔsa alo akpedavɔsa o, ke boŋ ne wòanye ɖase anɔ mía kple miawo dome.


Esi nunɔla Pinehas kple ameha la ƒe amegãwo, siwo kpe ɖe eŋu, amesiwo nye tatɔwo le Israel ƒe ame akpeawo nu, se nya, siwo Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase-viwo gblɔ la, edze wo ŋu.


Tete dukɔ la ɖo ŋu gblɔ bena: Nede megbe xaa tso mía gbɔ be, miagblẽ Yehowa ɖi asubɔ mawu bubuwo!


Ke nede megbe xaa tso nye hã gbɔnye, be matasi kukuɖeɖe ɖe mia ta, eye magbe mɔ nyui kple mɔ dzɔdzɔe fiafia mi ahawɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa