Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 22:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 ke boŋ bena wòanye ɖase anɔ mía kple miawo kpakple miaƒe dzidzimeviwo dome, ne miawo hã míatsɔ míaƒe numevɔsawo, kafukafuvɔsawo kple akpedavɔsawo ava subɔ le Yehowa ŋku me, eye ne mia viwo magava gblɔ na mia viwo gbaɖegbe bena gomea ɖeke mele Yehowa gbɔ na mi o!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

27 ke boŋ be wòanye dzesi anɔ míawo kple miawo siaa dome kple dzesi na dzidzime siwo ava kplɔ mí ɖo la be míesubɔa Yehowa le agbadɔ kɔkɔe sia ŋgɔ kple míaƒe nunanawo hena numevɔsawo kple ŋutifafavɔsawo. Míewɔ esia ale be miaƒe dzidzimeviwo magblɔ na míaƒe dzidzimeviwo be, ‘Kadodo aɖeke mele miawo kple Yehowa, míaƒe Mawu la dome o.’

Onani mutuwo Koperani




Yosua 22:27
14 Mawu Ofanana  

Eye Laban gblɔ bena: Kpekɔ sia enye ɖase le mia kple wò dome egbe. Eyata wona ŋkɔe bena Galed kple Mizpa,


Kpekɔ sia kple dzesikpe la anye ɖase Nyemekpɔ mo ato kpekɔ sia kple dzesikpe sia ŋu ava gbɔwo o, eye wò hã mekpe mo aɖo tame vɔ̃ ato kpekɔ sia kple dzesikpe sia ŋu ava gbɔnye o!


Yehowa enye nye domenyinu kple nye kplu me nu; ele nye dzidzenu de asi.


Ɣemaɣi la vɔsamlekpui anɔ Egipte-nyigba titina na Yehowa, eye dzesikpe anɔ eƒe liƒo dzi na Yehowa,


ekema mitsɔ nusiwo katã ŋu mede se na mi le egbea, siwo nye miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo, miaƒe nuwo ƒe ewolia kple adzɔ, si miaƒe asiwò na, kpakple nusiwo katã miena le mia ɖokui si heɖe adzɔgbe na Yehowa la, va teƒe, si Yehowa, mia Mawu, atia, be yeƒe ŋkɔ nanɔ,


Eye esi wova ɖo Yordan-nutowo me le Kanaan-nyigba dzi la, Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase-to afã la ɖi vɔsamlekpui gã nyuia ɖe ɖe Yordan nu afima.


Eyata mieɖo be, míaɖi vɔsamlekpui, menye hena numevɔsa alo akpedavɔsa o,


Elabena miebu be, ne woava bia mía kple míaƒe dzidzimeviwo gbaɖegbe la, ekema miagblɔ be: Mikpɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui tɔgbe sia, si mia fofowo wɔ la ɖa, menye hena numevɔsa alo akpedavɔsa o, ke boŋ ne wòanye ɖase anɔ mía kple miawo dome.


Eye Ruben-viwo kple Gad-viwo na ŋkɔ vɔsamlekpui la bena: „Eya nye ɖase le mía dome be, Yehowae nye Mawu.“


Tete Yosua gblɔ na dukɔ blibo la bena: Kpɔ ɖa, kpe sia nye ɖase na mi, elabena ese nya, siwo katã Yehowa gblɔ na mi la, eye wòanye ɖase na mi, ne miagasẽ nu le mia Mawu la ŋu o.


Eye Samuel kɔ kpea ɖe ɖo Mizpa kple Sen dome, eye wòna ŋkɔe be Eben-Ezer hegblɔ bena: Afi Yehowa kpe ɖe mía ŋu va se ɖo!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa