9 Du, siwo wona ɖe Yuda-viwo to kple Simeon-viwo to me ƒe ŋkɔwo nye si:
9 Esiawoe nye du siwo woxɔ tso Yuda ƒe viwo kple Simeon ƒe viwo ƒe anyigba dzi
Woƒe nɔƒewo le woƒe anyigba dzi enye si le woƒe aƒetsotsowo nu. Aron vi, siwo tso Kehat viwo ƒe ƒome la me tɔ enye si: elabena woawo dzi dzidze la dze gbã.
Esiwo le Gad-to la me, wonye: Ramot le Gilead kple eŋu lãnyiƒe, Maxanayim kple eŋu lãnyiƒe.
Amesiwo le ete le minɔ lãwo ƒe duwo me, be woatsɔ nuwo na wo nɔviwo ƒe hawo, tsitsiawo kple ɖeviawo siaa dedie la, wonye: Eden, Minyamin, Yesua, Semaya. Amarya kple Sexanya,
Du, siwo wona Aron-viwo, siwo nye Kehat-ƒomeawo tso Lewi-viwo dome la, wonye — elabena eya dzi dzidze; gbãtɔ dze —
Tete dzidze dze Kehat-viwo ƒe ƒomewo dzi, eye wodzidze nu tsɔ du wuietɔ̃ na nunɔla Aron-viwo, siwo nye Lewitɔwo la, ɖe Yuda-to, Simeon-to kple Benyamin-to me;
Eye Israel-viwo dzidze nu tsɔ du siawo kple wo ŋu nyigbawo na Lewitɔwo, abe alesi Yehowa de se to Mose dzi ene.