Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 21:45 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

45 Nyaa ɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa gblɔ na Israel ƒe aƒe la me o, wo katã va me pɛpɛpɛ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

45 Ale nu nyui siwo katã ŋugbe Yehowa do na wo la va eme nenema tututu.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 21:45
13 Mawu Ofanana  

Eye wògblɔ bena: Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, amesi tsa eƒe nu gblɔ nya na fofonye Dawid, eye wotsa eƒe asi wo edzi hegblɔ bena:


Yehowa wo eƒe nya, si wògblɔ la dzi, eye medo xɔ fofonye Dawid teƒe hebɔbɔ nɔ Israel-fiazikpui la dzi, abe alesi Yehowa gblɔ ene, eye metu xɔ na Yehowa, Israel Mawu la ƒe ŋkɔ.


Wò amesi dzra nya, si nègblɔ na wò dɔla fofonye Dawid la do; ègblɔe kple wò nu, eye nètsɔ wò asi wo edzi, abe alesi wòle egbe siawo ene.


Woakafu Yehowa, amesi na gbɔɖeme eƒe dukɔ Israel pɛpɛpɛ, abe alesi wògblɔ ene; naneke meto le nya nyui, siwo katã wògblɔ to eƒe dɔla Mose dzi la me o.


Eye esi nèkpɔ be, eƒe dzi ɖi anukware le ŋkuwò me la, èbla nu kplii, be yeatsɔ Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Yebusitɔwo kple Girgasitɔwo ƒe anyigba ana eƒe dzidzimeviwo, eye nèwɔ wò nya dzi, elabena dzɔdzɔetɔ nènye.


Meɖe blemanyawo fia gbaɖegbe ke; nye nu me wodo tso, eye mena wosee, mewɔe zi ɖeka kpoyi, eye wova dzɔ.


Mawu menye amegbetɔ wonye, ne wòaka aʋatso o eye menye amegbetɔwo ƒe vi wònye, ne wòatrɔ nya o. Ɖe woagblɔ nya, eye mawo edzi oa? Ɖe woaƒo nu, eye mawɔe oa?


Nuteƒewɔlae nye Mawu, amesi ya mi va Via Yesu Kristo, mía Aƒetɔ la, ƒe hamenɔnɔ me la.


Nuteƒewɔla enye amesi yɔ mi ve, amesi lawɔe hã.


ɖe agbe mava ƒe nukpɔkpɔ ŋu, si Mawu, amesi meka aʋatso o la, do ŋugbe, hafi ɣeyiɣi mavɔmavɔwo dze gɔme;


bena míato nu eve, siwo meɖɔlina o, esiwo me Mawu mate ŋu aka aʋatso le o la me akpɔ dzideƒo sesẽ, mí amesiwo sii tso, bene míalé mɔkpɔkpɔ, si wotsɔ ɖo mía ŋku me la, ɖe asi sesĩe;


Samuel va tsi, eye Yehowa nɔ kplii, eye mena nyaa ɖeke to le nya, siwo wògblɔ la me o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa