Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 21:44 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

44 Eye Yehowa na wokpɔ gbɔdzɔe le afisiafi, abe alesi wòka atam na wo fofowo pɛpɛpɛ ene; woƒe futɔwo katã dometɔa ɖeke menɔ te ɖe wo nu o, ke boŋ Yehowa tsɔ woƒe futɔwo katã de asi na wo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

44 Yehowa na ŋutifafa wo abe ale si wòdo ŋugbe ene; ame aɖeke mete ŋu nɔ te ɖe wo nu o. Yehowa kpe ɖe wo ŋu woɖu woƒe futɔwo katã dzi.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 21:44
19 Mawu Ofanana  

Tete Israel-viwo si le Yuda ŋgɔ, eye Mawu tsɔ wo de asi na wo.


Eye mana wò liƒowo natso Avaƒu la nu vaseɖe Filistitɔwo ƒe ƒu la nu, tso gbedzi vaseɖe tɔsisi la nu; elabena matsɔ anyigbadzitɔwo ade asi na wò, eye nanyã wo le dowòme.


Eɖo ŋu bena: Nye ŋutɔ manɔ, me akplɔ mi ayi afisi miagbɔ ɖe eme le la.


Yehowa ƒe gbɔgbɔ kplɔ wo yi gbɔɖemeƒe, abe alesi lã yia bali me ene. Ale nèkplɔ wò dukɔ la, be nade ŋkɔ gã ɖokuiwò ŋu.


Du, siwo tso Aroer le Arnon-tɔʋu la nu, kple du, si le bali me gbɔ vaseɖe Gilead la, dometɔa ɖeke mesesẽ na mí o; Yehowa, mía Mawu, tsɔ wo katã de asi na mí.


Ne eho aʋa de wò futɔwo ŋu, eye Yehowa, wò Mawu, tsɔ wo ɖe asi na wò, eye neɖe aboyo wo dometɔa ɖewo,


Eyaŋuti Sabat ƒe dzudzɔ gasusɔ na Mawu ƒe dukɔ la.


Miɖo ŋku nya, Si Yehowa ƒe dɔla Mose gblɔ na mi la dzi bena: Yehowa, mia Mawu, na miegbɔ ɖe eme, eye wòtsɔ anyigba sia na mi.


vaseɖe esime Yehowa ana mia nɔviwo hã nakpɔ gbɔdzɔe abe miawo ke ene; eye ne Yehowa, mia Mawu, tsɔ anyigba, si wòle wo na ge, na wo la, ekema miagbugbɔ ayi aɖaxɔ anyigba, si Yehowa ƒe ɖɔla Mose na mi le Yordan godo le ɣedzeƒe gome.


Amea ɖeke manɔ te ɖe nuwò le wò agbe me ŋkekewo katã me o; alesi menɔ kple Mose la, nenema manɔ kple wò hã; nyemaɖe asi le ŋuwò o, eye nyemagblẽ wò ɖi o.


Ale Yosua ɖu fia siawo ƒe duwo kple woƒe fiawo katã dzi, eye wòwu wo kple yi; etsrɔ̃ wo gbidigbidi, abe alesi Yehowa ƒe dɔla Mose de se ene.


Ale Yosua xɔ anyigba blibo la, abe alesi Yehowa gblɔ na Mose pɛpɛpɛ ene, eye Yosua mãe na Israel, to sia to kple etɔ, eye anyigba la kpɔ gbɔdzɔe tso aʋawɔwɔ me.


Eye Yehowa tsɔ wo de asi na Israel, ale be wosi wo henyã wo ɖe nu vaseɖe Zidon, du gã la me, vaseɖe Misrefot-Mayim kple Mizpa-bali la me le ɣedzeƒe gome, eye wosi wo, vaseɖe esime amea ɖeke mekpɔtɔ o.


Eye wogblɔ na Yosua bena: Nyateƒee, Yehowa tsɔ anyigba blibo la de asi na mí, elabena anyigbadzitɔwo hã le mía vɔ̃m.


Ke azɔ Yehowa, mia Mawu, na mia nɔviwò kpɔ gbɔdzɔe, abe alesi wòdo ŋugbe na wo ene; eyata migbugbɔ yi miaƒe agbadɔwo me le miaƒe anyigba, si Yehowa ƒe dɔla Mose na mi le Yordan godo la dzi.


Tete Ruben-viwo kple Gad-viwo kpakple Manase ƒe to afã la gbugbɔ tso Israel-viwo gbɔ le Silo le Kanaan-nyigba dzi heyi woawo ŋutɔ ƒe anyigba Gilead, si woxɔ la dzi, abe alesi Yehowa gblɔ to Mose dzi ene.


Esi Yehowa na Israel kpɔ gbɔdzɔe tso eƒe futɔ, siwo katã ƒo xlãe godoo, si me eteƒe didi, eye Yosua tsi xɔ ƒe geɖe la,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa