Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 21:43 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

43 Ale Yehowa tsɔ anyigba blibo la na Israel, abe alesi wòka atam na wo fofowo ene, eye woxɔe hetso aƒe ɖe edzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

43 Ale Yehowa tsɔ anyigba si ŋugbe wòdo na wo tɔgbuiwo la katã na Israelviwo. Woyi ɖaɖu ameawo dzi, eye wonɔ afi ma.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 21:43
26 Mawu Ofanana  

Eye Yehowa ɖe eɖokui fia Abram gblɔ nɛ bena: Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia ana. Eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa, amesi ɖe eɖokui fiae.


Elabena anyigba blibo la katã, si kpam nèle la, matsɔe ana wò kple wò dzidzimeviwo tegbetegbe.


Eye woatsɔ Abraham ƒe yayra ana mia kple wò dzidzimeviwo, bena nanyi anyigba, si Mawu tsɔ na Abraham, si dzi nènye amedzro le la dome.


Wotso aƒe de edzi, eye wotu kɔkɔeƒe ɖe edzi na wò ŋkɔ la gblɔ bena:


Ɖeviawo yi ɖaxɔ anyigba la wònye wo tɔ, eye nèbɔbɔ anyigbadzitɔ, siwo nye Kanaanitɔwo, de anyi le wo ŋku me; ètsɔ woƒe fiawo kple anyigba dzi dukɔwio siaa de asi na wo, ne woawɔ wo, alesi dze wo ŋu.


Eye esi nèkpɔ be, eƒe dzi ɖi anukware le ŋkuwò me la, èbla nu kplii, be yeatsɔ Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Yebusitɔwo kple Girgasitɔwo ƒe anyigba ana eƒe dzidzimeviwo, eye nèwɔ wò nya dzi, elabena dzɔdzɔetɔ nènye.


Aɖo ŋu eƒe nubabla, nya, si wòɖo hena dzidzime akpewo la tegbee,


Etsɔ wò asi nyã dukɔwo, ke woawo la èƒo woƒe aganu ɖe to; ègblẽ anyigbadzitɔwo, ke èna woawo keke la.


Enyã dukɔwo le wo ŋgɔ, eye wòdzidze nu ɖe edzi na wo, ne wòanye wo tɔ, eye Israel-toawo nɔ woƒe agbadɔwo me.


Eye meɖi va, be maɖe wo le Egiptetɔwo si me, eye makplɔ wo atso anyigba sia dzi ayi ɖe, anyigba, si nyo, eye wòlólo la dzi, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ do, afisi Kanaanitɔwo. Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo le.


Eye wova hexɔe wònye wo tɔ, ke wogbe toɖoɖo wò gbe, womezɔ ɖe wò seawo nu o, eye womewɔ nusiwo katã ŋu nèɖe se le na wo la o; eyata nèna dzɔgbevɔ̃e siawo katã va wo dzi ɖo.


Eye miaxɔ anyigba la wòanye mia to miano edzi; elabena miawoe metsɔ anyigba la na, be wòanye mia to.


De se na Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Ne mieva Kanaan-nyigba dzi la, ekema anyigba, si anye miaƒe domenyinu la, enye si: Kanaan-nyigba kple eŋu liƒowo.


Ne mietso Yordan va anyigba, si Yehowa, mia Mawu, le mia na ge wòanye mia to la dzi, eye miexɔe wònye mia lɔ miele edzi la,


Ne Yehowa, wò Mawu, atsrɔ̃ dukɔ, siwo gbɔ nèyina, be nanyã wo la ɖa le ŋgɔwò, eye nènyã wo hetso aƒe ɖe woƒe anyigba dzi la,


Ne eva anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la dzi, eye nèxɔe wònye tɔwo nètso aƒe ɖe edzi, emegbe dagblɔ bena: Maɖo fia ɖe ɖokuinye nu abe dukɔ, siwo katã ƒo xlãm ene la,


Eye Yehowa gblɔ nɛ bena: Esia nye anyigba, si ŋu meka atam ɖo hedo ŋugbe na Abraham, Isak kple Yakob bena, matsɔe na woƒe dzidzimeviwo. Mena nèkpɔe kple wò ŋkuwo, ke made afima akpɔ o.


Lé dzi ɖe ƒo, eye nasẽ ŋu, elabena wòe amã anyigba, si ŋu meka atam ɖo na wo fofowo bena, matsɔe na wo la, na dukɔ sia.


Du siawo katã nye du ɖekaɖekawo, eye lãnyiƒewo le wo ŋu godoo va kpe.


Me wò mawu Kemos xɔ nane na wò la, eya nye tewò, ke amesiwo katã Yehowa, mía Mawu, nyã le mía ŋgɔ la ƒe anyigba enye mía tɔ.


Esi Yakob va Egipte la, mia fofowo ɖo ɣli na Yehowa, eye Yehowa ɖɔ Mose kple Aron ɖa wokplɔ mia fofowo tso Egipte, eye wona nɔƒe wo ɖe teƒe sia.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa