Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 21:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Lewi-to la ƒe amegãwo va nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi, kpakple Israel-tɔwo ƒe ƒomeawo ƒe amegãwo gbɔ,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Levitɔwo ƒe kplɔlawo va Silo be yewoalé nya aɖe akpɔ kple nunɔla Eleazar kple Yosua kple Israel ƒe to vovovoawo ƒe kplɔlawo.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 21:1
9 Mawu Ofanana  

Aɖi woƒe nyanyrã ŋu, elabena enu sẽ, kple woƒe dziku ŋu, elabena eteƒe meka o! Mamã wo de Yakob viwo dome, eye makaka wo ɖe Israel.


Esiawo nye aƒehanuawo le woƒe ƒome la me. Ruben, Israel ƒe ŋgɔgbevi, ƒe viwo nye: Henox, Palu, Xezron kple Karmi; esiawo nye Ruben-hawo.


Eye Eleazar, Aron vi ɖe Putiel vinyɔnuwo dometɔ ɖeka, amesi dzi Pinexas nɛ. Ame siawo nye Lewi viwo ƒe aƒehánuawo le woƒe ƒome la nu.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose le Moab-tagba le Yordan nu le Yerixo kasa bena:


Eye mina Israel-vi, siwo ƒe anyigba lolo la, nana du geɖe, ke amesiwo tɔ le sue la, nana ʋee alesi miava xɔ anyigba lae la, nenema ŋu miana duawo Lewitɔwo ɖo.


Esia nye anyigba, si nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi, kpakple Israel-viwo ƒe toawo ƒe amegãwo ma na Israel-viwo le Kanaan-nyigba dzi.


Eye wova nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi, kpakple amegãwo ŋku me gblɔ bena: Yehowa de se na Mose be, wòana anyigba mi ɖe mia nɔviwo dome. Tete wona anyigba wo ɖe wo fofo nɔviwo dome, abe alesi Yehowa gblɔ ene.


Esia nye anyigba, siwo nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi, kpakple Israel-viwo ƒe ƒomewo ƒe amegãwo dzidze nu ma le Silo le Yehowa ŋku me, le Mawu ƒe agbadɔ la nu. Ale wowu anyigba la mamã nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa