Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 20:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 eye amesi menyae o, eye mebua wu ame o la, nasi ayi afima, eye woanye sitsoƒe na mi tso hlɔ̃tɔ si me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Ne ame aɖe wu ame to nu maɖowɔ me la, ate ŋu asi ayi du siawo dometɔ ɖeka me, eye woaxɔ nɛ tso ame kukua ƒe ƒometɔwo, ame siwo adi be yewoabia hlɔ̃ awui la ƒe asi me.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 20:3
8 Mawu Ofanana  

Nyɔnu la gblɔ be: Taflatse, fia la neɖo ŋku Yehowa, eƒe Mawu dzi, ne hlɔ̃biala magagblẽ nu ɖe dzi, eye wòatsrɔ̃ vinyeŋutsu ɖa o! Tete wògblɔ be: Meta Yehowa ƒe agbe: Ne viwò ƒe ɖa ɖeka age ɖe anyigba fi!


Ƒo nu kple Israel-viwo be: Ne amea ɖe ɖe ŋu ɖi ɖa Yehowa ƒe seawo dometɔ ɖeka dzi, eye wòwɔ nusi ŋu se le na wo la.


Duawo nanye sitsoƒe na mi le hiãtɔ ta, ne womagawu amewula la hafi ava eƒe ʋɔnu le ameha la ŋku me o.


Hlɔ̃tɔ kpɔ mɔ be, wòawu hlɔ̃dola, eye ne edo goe la, ekpɔ mɔ awui.


Ke ne melé fui o, kasia wòlɔe ƒu anyi, alo mebua hafi da nu wòdzee o,


bena míato nu eve, siwo meɖɔlina o, esiwo me Mawu mate ŋu aka aʋatso le o la me akpɔ dzideƒo sesẽ, mí amesiwo sii tso, bene míalé mɔkpɔkpɔ, si wotsɔ ɖo mía ŋku me la, ɖe asi sesĩe;


Gblɔ na Israel-viwo be, woatia sitsoƒedu, siwo ŋu meƒo nu le na mi to Mose dzi la;


Ne esi yi du siawo dometɔ ɖeka me la, ekema wòatɔ ɖe ɖu la ƒe agbo nu, eye wòagblɔ eƒe nya la na dumegãwo, hafi woaxɔe ɖe dua me, eye woana teƒee wòanɔ wo gbɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa