Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 2:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Tete Yerixo-fia dɔ ame ɖo ɖe Raxab gbɔ gblɔ bena: Ɖe ŋutsu, siwo va gbɔwò hedze aƒewò me la na, elabena ŋku tsa ge wova anyigba blibo la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Ale fia la dɔ dɔlawo ɖo ɖe Rahab be, “Ɖe asi le amedzroawo ŋu, elabena ŋkutsalawo wonye, eye Israelviwo ƒe kplɔlawoe ɖo wo ɖa be woadi mɔ nyuitɔ si dzi woato aho aʋa ɖe mía ŋu.”

Onani mutuwo Koperani




Yosua 2:3
15 Mawu Ofanana  

Anɔ ɣleti etɔ̃ megbe la wogblɔ na Yuda bena: Lɔ̃xowò Tamar wɔ ahasi, eye wòfɔ fu ɖe eme. Tete Yuda gblɔ bena: Mikplɔe ɖo goe, ne míatɔ dzoe!


Ke míegblɔ nɛ bena, nyateƒetɔwo míenye, eye míenye ŋkutsalawo o.


Amon-viwo ƒe amegãwo gblɔ na woƒe aƒetɔ Xanun bena: Ɖe Dawid dɔ akɔfalawo ɖa, be woaɖe bubu fofowò ŋu na wò loo? Alo menye ɖe Dawid da eƒe dolawo ɖe gbɔwò, be woadzro dua me, eye woatsa ŋku le eme ahagblẽe oa?


Eye Absalom ƒe dɔlawo va nyɔnu la gbɔ le aƒea me hebia bena: Afika Aximaaz kple Yonatan wole? Nyɔnu la ɖo ŋu na wo bena: Woyi to la godo. Eye esi wodi wo, eye womekpɔ wo o la, wogbugbɔ va Yerusalem.


Amon-viwo ƒe amegãwo gblɔ na Xanun bena: Ɖe Dawid dɔ akɔfa-lawo ɖa, be woaɖe bubu fofowò ŋu na wò loo? Ke boŋ ɖe eƒe dɔlawo va, be woadzro anyigba la me, woatsa ŋku le edzi, ne woagblẽ.


wokpɔa ame vɔ̃ɖi ta le gbegblẽɣi, eye wotsonɛ ɖi le dɔmedzoedogbe oa?


Kplɔ ɖiŋudola la yi asaɖa la godo, eye amesiwo katã se nyaa, natsɔ woƒe asi aɖo eƒe tame, eye ha blibo la naƒu kpee woaku.


Pilato gado go, eye wògblɔ na wo bena: Mikpɔ ɖa, mekplɔe do go vɛ na mi, ne miadze sii bena, nyemekpɔ nya vɔ̃a ɖeke le eŋuti o.


Eye esi wobu esi me la, etsɔe de gaxɔ me, eye wòtsɔe de asi na asrafoha ene, siwo dome ɖesiaɖe me asrafo ene nɔna la, bena woadzɔ eŋu, eye wòdi be, yeaɖee afia dukɔ la le ŋutitoto ŋkeke la megbe.


Ke gbesigbe Herodes le eɖe ge ɖe go afia ƒe zã me la, Petro le alɔ̃ dɔm hele babla kple kɔsɔkɔsɔ eve le asrafo eve dome, eye dzɔlawo le ʋɔtrua nu hele gaxɔ la ŋuti dzɔm.


Tete wowɔ nenema, eye wokplɔ fia atɔ̃awo tso ɖoa me va egbɔe; woawo nye: Yerusalem-fia, Xebron-fia, Yarmut-fia, Laxis-fia kple Eglon-fia.


Eye wogblɔ na Yerixo-fia bena: Kpɔ ɖa, ŋutsuwo tso Israel-viwo dome va afisia egbe zã, be woatsa ŋku le anyigba la dzi.


Ke nyɔnu la tsɔ ŋutsu eveawo ɣla, eye wògblɔ bena: Ele me be, ŋutsuawo nya va gbɔnye, gake nyemenya afisi wotso o.


Eyome wògblɔ nɛ bena: Yi, natsi tre ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu, eye ne amea ɖe va bia wò bena: amea ɖe le afisia hã la, ekema gblɔ bena: O!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa