17 Eye ŋutsuawo gblɔ nɛ bena: Atam, si nèna míeka na wò la, ado le mía dzi:
17 Ŋutsuawo gblɔ nɛ be, “Atam si nèna míeka fifia la, mabla mí o,
Ke fia la ve Mefiboset, Saul vi Yonatan ƒe viŋutsu la nu le Yehowa ƒe atam, si le Dawid kple Yonatan, Saul vi dome la ta.
Megayɔ Yehowa, wo Mawu, ƒe ŋkɔ yakayaka o, elabena Yehowa magbe tohehe na amesi yɔa eƒe ŋkɔ dzodzro la o.
Eye Mose ƒo nu kple Israel-viwo ƒe toawo ƒe amegãwo bena: Ale Yehowa ɖe se enye si:
Kpɔ ɖa, ne mieva anyigba dzi la, ekema tsɔ ka dzẽ dada tsi ɖe fesre, si nu nèɖiɖi mi toe la ŋu, eye nakplɔ fofowò kple dawò, nɔviwòŋutsuwo kple ƒowòmetɔwo katã ava aƒewò me.
Eye ne egblɔ míaƒe nya sia wose la, ekema atam, si nèna míeka na wò la, do le mía dzi.