Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 2:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Yosua, Nun vi, ɖɔ ŋutsu eve le adza me tso Sitim, be woaɖatsa ŋku, gblɔ bena: Miyi ɖakpɔ anyigba la kple Yerixo ɖa! Tete woyi, eye wova dze gboloa ɖe, si ŋkɔ nye Raxab la ƒe me, eye wotsi afima dɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Yosua, Nun ƒe vi la dɔ ŋkutsala eve tso Israelviwo ƒe asaɖa la me le Sitim be woatso tɔsisi la, eye woalé ŋku ɖe nuwo ŋu le afi ma le adzame, vevietɔ le Yeriko. Ŋkutsalawo yi ɖadze gbolo aɖe si ŋkɔe nye Rahab la gbɔ. Wodi be yewoanɔ afi ma ŋkeke eve,

Onani mutuwo Koperani




Yosua 2:1
23 Mawu Ofanana  

Mido mia dometɔ ɖeka ɖa, be wòakplɔ mia nɔvi la vɛ, ke malé mi ame mamleawo ade ga. Esia me mado mi akpɔ le be, ɖe mietoa nyateƒe loo; ke ne mele nenem o la, meta Farao bena, ŋkutsalawo míenye.


Tete Yosef ɖo ŋku drɔ̃e, si wòku le wo ŋu la dzi, eye wògblɔ na wo bena: Ŋkutsalawo míenye! Ɖe mieva, be miadi mɔnu le anyigba la ŋu.


Nye ɖukɔ, ɖo ŋu tame, si Moab-fia Balak ɖo, kple alesi Bileam, Beor vi la, ɖo eŋu nɛ; ɖo ŋu nya, siwo dzɔ tso Sitim vaseɖe Gilgal, ne nadze si Yehowa ƒe dɔmenyo!


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


Dɔ ŋutsuwo ɖa, bena woaɖatsa ŋku le Kanaan-nyigba, si tsɔ ge mala ana Israel-viwo la dzi. Midɔ ŋutsu ɖekaɖeka tso wo fofowo ƒe toawo me; ame ŋkutawo sɔŋ woanye.


Esi Israel le Sitim la, dukɔ la de asi ahasiwɔwɔ me kple Moab-nyɔnuwo.


Woƒu asaɖa la anyi ɖe Yordan nu tso Bet-Yesimot vaseɖe Abel-Sitim le Moab-tagba.


Salmon kpakple Raxab wodzi Boaz, Boaz kpakple Rut wodzi Obed, eye Obed dzi Isai;


Kpɔ ɖa, nye la mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖe amegãxiwo dome; eyaŋuti midze adaŋu abe dawo ene, eye midza abe ahɔ̃nɛwo ene.


Elabena mi amesiwo nye sidzelawo, mienyae bena, ahasiwɔla alo ame makɔmakɔ alo ŋuklẽla, si so kple trɔ̃subɔla la, domenyinyia ɖeke meli na wo dometɔa ɖeke le Kristo kple Mawu ƒe fiaɖuƒe la me o.


Le xɔse me Raxab, gbolo la, metsrɔ̃ kpe ɖe tosẽlawo ŋuti o, le esi wòxɔ ŋkutsalawo le ŋutifafa me la ta.


Nenema ke Raxab, gbolo la hã, ɖe menye dɔwɔwɔwo wotsɔ tso afia nɛ, le esi wòxɔ ame dɔdɔwo, eye wòna woto mɔ bubu dzo la ŋuti o mahã?


Woawu amesiame, si asẽ to ɖe wò sededewo ŋu, eye maɖo to wò nya, siwo katã negblɔ na mi o la. Lé dzi ɖe ƒo, eye nasẽ ŋu ko!


Eye wogblɔ na Yerixo-fia bena: Kpɔ ɖa, ŋutsuwo tso Israel-viwo dome va afisia egbe zã, be woatsa ŋku le anyigba la dzi.


Xelkat kple eŋu lãnyiƒe kpakple Rexob kple eŋu lãnyiƒe; wole du ene


Tete Yosua kple Israel-viwo katã fɔ ŋdi kanya, eye woho tso Sitim heva Yordan nu, eye wotsi afima dɔ, hafi woava tso tɔ la.


Esi Israel-viwo ƒu asaɖa anyi ɖe Gilgal la, woɖu ŋutitotoŋkekenyuie la le ɣleti la ƒe ŋkeke wuienelia dzi le fiẽ le Yerixo-tagba,


Eye Yosef-viwo na woyi ɖatsa ŋku le Betel; tsã la woyɔ du la bena Luz.


Tete ŋutsu atɔ, siwo yi ɖatsa ŋku le Lais-nyigba dzi la, gblɔ na wo nɔviwo bena: Miawo hã mienyae bena, kɔmewu, aƒeli, aklama kpakpɛ kple legba le aƒe sia mea? Eyata mibu nusi miawɔ!


Eye ŋutsu atɔ̃, siwo ɖatsa ŋku anyigba dzi la, yi ɖage ɖe me, eye wotsɔ aklama kpakpɛ kple kɔmewu, aƒeli kple legba la, le esime nunɔla la kple ŋutsu alafa ade, siwo bla akpa la, tsi tre ɖe agboa nu.


Eye Dan-viwo dɔ ŋutsu kalẽtɔ atɔ̃ le woƒe ƒome blibo la me tso Zora kple Estaol ɖo ɖa, be woaɖatsa ŋku le anyigba la dzi, eye woadzra eme hegblɔ na wo bena: Miyi ɖadzro anyigba la me! Esi wova Efrayim-to dzi la, woyi ɖe Mixa ƒe me hetsi afima dɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa