Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 19:51 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

51 Esia nye anyigba, siwo nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi, kpakple Israel-viwo ƒe ƒomewo ƒe amegãwo dzidze nu ma le Silo le Yehowa ŋku me, le Mawu ƒe agbadɔ la nu. Ale wowu anyigba la mamã nu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

51 Nunɔla Eleazar, Yosua kple Israel ƒe towo ƒe kplɔlawo kpɔ akɔdada la dzi hena anyigba la mama ɖe toawo dome. Woda akɔ sia le Yehowa ŋkume le Agbadɔ la ƒe mɔnu le Silo.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 19:51
18 Mawu Ofanana  

Atamkayi magbe Yuda si nanɔ o, eye womede fiatikplɔ da le ekɔme o, vaseɖe esime amesi tɔ wònye nava; amesi dukɔwo ana tae.


eye wògblẽ nɔƒe, si le Silo, agbadɔ, si wòtu ɖe amegbetɔwo dome la ɖi.


Egblɔ na wo bena: Ele me bena, miano nye kplu la, eye mawutsi, si woade ta nam la, woadee ta na miawo hã; ke anyinɔnɔ ɖe nye nuɖusi me kple mia me la, eya menye tonye be, mana o, negbe amesiwo Fofonye dzrae ɖo ɖi na la ko.


Tete fia la agblɔ na amesiwo le eƒe nuɖusi me la bena: Miva, mi Fofonye ƒe ame yayrawo, minyi fiaɖuƒe, si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me la, ƒe dome!


Sigbe alesi nena ŋusẽe ɖe ŋutilãa katã dzi ene, bena nusianu, si nènae la, wòana agbe mavɔ wo.


Eye wòtsrɔ̃ dukɔ adre le Kanaan-nyigba dzi, eye wòmã woƒe anyigba me na wo hena domenymyi.


Esia nye anyigba, si nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi, kpakple Israel-viwo ƒe toawo ƒe amegãwo ma na Israel-viwo le Kanaan-nyigba dzi.


Esi anyigba la na ta wo vɔ la, Israel-viwo ƒe ha blibo la va kpe ta ɖe Silo, eye wotu Mawu ƒe agbadɔ la ɖe afima.


Tete Yosua dzidze nu ɖe dzi na wo le Yehowa ŋku me le Silo, eye wòmã anyigba la na Israel-viwo wo tɔ wo tɔe.


Eye Yehowa gblɔ na Yosua bena;


Eye wogblɔ bena: Kpɔ ɖa, woɖua Yehowa ƒe ŋkekenyuie la ƒe sia ƒe le Silo, si le Betel ƒe anyiehe kple mɔ, si tso Betel ɖo ta Sixem la, ƒe ɣedzeƒe kpakple Lebona ƒe dziehe.


eye ne miekpɔ be, Silo-nyɔnuviwo do va ɣe du ge la, ekema mido tso weingbledelawo me, eye mia dome amesiame nelé nyɔnu le Silo-nyɔnuviwo dome na eɖokui, eye mido yi Benyamin-nyigba dzi!


Eye ŋutsu sia tsoa eƒe ɖu me ƒe sia ƒe yina ɖadoa gbe ɖa, eye wòasa vɔ na Yehowa Zebaot le Silo, afisi Eli ƒe viŋutsu eveawo Xofni kple Pinexas wonye nunɔla na Yehowa le.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa