32 Dzidze adelia dze Naftali-viwo dzi le woƒe ƒomeawo nu.
32 To adelia si wona anyigbae lae nye Naftali.
Raxel ƒe kosi Bilha ƒe viŋutsuwo nye Dan kple Naftali.
Naftali enye zinɔ, si ʋlãna, eye wògblɔa nu me vivi nyawo.
Aximaaz le Naftali nu, eya hã ɖe Salomo ƒe vinyɔnu Basmat:
Naftali nexɔ gome ɖeka ɖe Aser ƒe liƒo ŋu tso ɣedzeƒe vaseɖe ɣetoɖoƒe.
Ke woadzidze nu hafi amã anyigba la, eye woaxɔ domenyinu la ɖe wo fofowo ƒe toawo ƒe ŋkɔwo nu.
Eye esi woʋu le Nazaret la, eva nɔ Kapernaum, si le ƒua nu le Zebulon kple Naftali-nutowo me,
Eye wògblɔ le Naftali ŋu bena: Nu nyuiwo asɔ gbɔ ɖe Naftali si, Yehowa ƒe yayra anɔ edzi fũ, eye axɔ ɣetoɖoƒe kple dziehenyigba wòanye etɔ.
Esia nye Aser-viwo ƒe to la ƒe anyigba, woƒe duwo kple kɔƒewo le woƒe ƒomeawo nu.
Eye woƒe liƒo tso Xelef kple logotiwo gbɔ le Zaananim, Adami-Hanekeb kple Yabneel vaseɖe Lakum, eye wòva wu nu ɖe Yordan nu.
Eye Naftali menya Bet-Semestɔwo kple Bet-Anattɔwo ɖa o, eye wònɔ anyigbadzitɔ, siwo nye Kanaanitɔwo la dome; ke Bet-Semestɔwo kple Bet-Anattɔwo wɔ dɔ na wo yaka.
Eye wòdɔ ame woyi ɖayɔ Barak, Abinoam vi, tso Kedes-Naftali vɛ, eye wògblɔ nɛ bena: Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ɖe se na wò be: Ho, yi Tabor-to la dzi, naɖe ame akpe ewo tso Naftali-viwo kple Zebulon-viwo dome kpe ɖe ɖokuiwò ŋu;