Eye fia Asa na woyɔ Yuda blibo la, wo dometɔa ɖeke meto le eme o, eye woyi ɖafɔ kpe kple ati, siwo Baesa tso le Rama tsomi la, eye fia Asa tso wo tso Geba le Benyamin kple Mizpa.
Ena nunɔlawo katã tso Yuda-duwo me va, eye wòdo gu nuxeƒe, siwo nunɔlawo doa dzudzɔ le tso Geba vaseɖe Beer-Seba; eye wògbã agbowo nu nuxeƒe, siwo le dumegã Yosua ƒe agbo nu le dugbo la ƒe mia me gome.