Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 18:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Eye liƒo la va to Bet-Xogla-to da ŋu le anyiehe heva wu nu ɖe adɔ la nu le Dzeƒu la ƒe anyiehe, le Yordan ƒe dziehe mlɔeanu; esia nye dzieheliƒo la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Egaɖo ta dziehe, dze le Bet Hogla ŋu, eye wòwu nu ɖe Dzeƒu la to. Teƒe siae nye Yɔdan tɔsisi la ƒe seƒe le dziehe gome.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 18:19
10 Mawu Ofanana  

Nenem me siawo katã bla nu va Sidim-gbadzaƒe, afisi Dzeƒu le azɔ.


Eye wotsrɔ̃ du siawo kple nuto ma me katã; dua me nɔlawo tsrɔ̃, eye nusiwo miena ɖe anyigba dzi hã gblẽ.


Yehowa ana Egipte-ƒu la ƒe ado namie, eye anyẽ eƒe asi ɖe tɔsisi la dzi le eƒe ya sesẽ me, eye wòamãe ɖe tonu adre me, ale be woano atokota me atsoe.


Miaƒe dziehekpa natso Zin-gbedzi amlo ato Edom ŋu. Ale miaƒe dzieheliƒo natso Dzeƒu la ƒe mlɔenu le ɣedzeƒe gome,


hekpe ɖe tagba la kple Yordan ŋu, si enye liƒo tso Kineret vaseɖe tagbaƒu, si enye Dzeƒu la nu, le Pisga ƒe aganu le ɣedzeƒe gome.


tso gbadzaƒe heyi Kinerot-ƒu la nu le ɣedzeƒe heva tagbaƒu, si nye Dzeƒu la nu, le ɣedzeƒe heɖo ta Bet-Yesimot, vaseɖe Pisga ƒe aga nu le dziehe.


Woƒe dzieheliƒo tso Dzeƒu la ƒe mlɔenu, afisi ƒu la wɔ adɔ̃ nyẽ kpo ɖe dziehe gome le,


hezɔ to la ŋu le gbadzaƒe la ƒe anyiehe vaseɖe Araba.


Eye Yordan nye liƒo le ɣedzeƒe gome. Esia nye Benyamin-viwo ƒe anyigbe ƒe liƒowo godoo va kpe le woƒe ƒomeawo nu.


tete dzigbe gome tsi la mli kɔ ɖe kekeke Adam, du, si le Zaretan kasa la gbɔ, eye tsi, si sina yina ɖe tagbaƒu, si nye Dzeƒu me la, mie ƒiaƒiaƒia, eye dukɔ la ɖi go ɖe Yerixo kasa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa