Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 18:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ɣetoɖoƒeliƒo la nyẽ kpo ɖo ta dziehe tso to, siwo le Bet-Xoron kasa la ƒe dziehe heva wu nu ɖe Kiryat-Baal, eya nye Kiryat-Yearim, si nye Yuda-viwo ƒe ɖu; esia nye ɣetoɖoƒekpa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Liƒo la trɔ tso afi ma ɖo ta dziehe, eto to si le Bet Horon kasa le dziehe hewu nu ɖe Kiriat Baal, du si wogayɔna be Kiriat Yearim, si nye Yuda ƒe viwo ƒe duwo dometɔ ɖeka la gbɔ. Esiae nye Benyamin ƒe viwo ƒe anyigba ƒe ɣetoɖoƒeliƒo.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 18:14
9 Mawu Ofanana  

Eye Dawid kple dukɔ blibo, si le eŋu la, dze mɔ yi Baal-Yuda, ne woatsɔ Mawu ƒe aɖaka, si ŋu woyɔa Yehowa Zebaot, amesi le Kerubiwo ta me ƒe ŋkɔ ɖo la, atso afima.


Kiryat-Baal, eya nye Kirvat-Yearim, kpakple Xaraba. Wole du eve hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu.


eye wòtso to sia tame va to Neftoax ƒe tsivudo la gbɔ heɖo ta ɖu, siwo le Efron-to dzi la gbɔ vaseɖe Baala, esia nye Kiryat-Yearim.


emegbe liƒo la tso afisia ɖo ta Luz heva zɔ Luz-to la ƒe dziehe, eya nye Betel, eye wòto Aterot-Adar ŋu va zɔ toawo dzi le dziehe le Bet-Xoron ƒe anyigbe gome.


Dziehekpa tso Kirvat-Yearim ƒe mlɔenu ɖo ta ɣetoɖoƒe gome heva se Neftoax ƒe tsivudo la gbɔ;


Eye esi Israel-viwo ho la, wova woƒe duwo me le ŋkeke etɔ̃agbe; woƒe duawo nye: Gibeon, Kefira, Berot kple Kiryat-Yearim.


Aʋalɔgo evelia trɔ to Bet-Xoron-mɔ, eye aʋalɔgo etɔ̃lia trɔ to liƒo, si ho gɔ̃ ɖe Zeboim-bali me ɖo ta gbedzi la gbɔ mɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa