Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 18:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Woƒe anyieheliƒo tso Yordan nu zɔ Yerixo-to la ƒe anyiehe heto toawo dzi le ɣetoɖoƒe gome, eye wòva ke ɖe Bet-Awen-gbedzi;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Benyamin ƒe viwo ƒe anyigba ƒe anyiehe dze egɔme tso Yɔdan tɔsisi la to, yi Yeriko ƒe anyiehe, to tonyigba la kple Bet Aven gbegbe la dzi.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 18:12
11 Mawu Ofanana  

Ŋɔdzi ɖo Samariatɔwo le Bet-Awen ƒe nyivi la ŋuti; elabena esubɔlawo le nu xam le eta, eye eƒe trɔ̃nuawo le dzodzom nyanyanya, le esi eƒe ŋutikɔkɔe dzo le egbɔ ta.


Israel, ne éwɔ gbolo la, Yuda megaɖi fɔ o dzro! Eyata migava Gilgal o, migayi Bet-Awen o, eye migaka atam gblɔ bena: „Miele Yehowa ƒe agbe“ o!


Miku lãdzo le Gibea, eye miku kpẽ le Rama! Mido aƒa le Bet-Awen be: Benyamin, kpɔ megbewò!


Yoset-viwo ƒe anyigba tso Yordan nu le Yerixo gbɔ zɔ Yerixo-tɔ la ŋu le ɣedzeƒe, va to gbegbe, si tso Yerixo hezɔ toawo dzi vaseɖe Betel la me;


Wodzidze nu ɖe Benyamin-viwo ƒe to la dzi le woƒe ƒomewo nu, eye anyigba, si ge ɖe wo si me la, le Yuda-viwo kple Yosef-viwo dome.


Eye Yosua, Nun vi, ɖɔ ŋutsu eve le adza me tso Sitim, be woaɖatsa ŋku, gblɔ bena: Miyi ɖakpɔ anyigba la kple Yerixo ɖa! Tete woyi, eye wova dze gboloa ɖe, si ŋkɔ nye Raxab la ƒe me, eye wotsi afima dɔ.


tete dzigbe gome tsi la mli kɔ ɖe kekeke Adam, du, si le Zaretan kasa la gbɔ, eye tsi, si sina yina ɖe tagbaƒu, si nye Dzeƒu me la, mie ƒiaƒiaƒia, eye dukɔ la ɖi go ɖe Yerixo kasa.


Ke wodo Yerixo ƒe agbowo hexe mɔ na Israel-viwo, eye amea ɖeke mete ŋu do alo va me o.


Eye Yosua dɔ ŋutsuwo tso Yerixo ɖo ɖe Ai, si le Bet-Awen gbɔ, le Betel ƒe ɣedzeƒe gome hegblɔ na wo bena: Miyi ɖatsa ŋku le nuto la me! Tete ŋutsuawo yi ɖatsa ŋku le Ai,


Eye Yosua kple Israel blibo la na Aitɔwo nyã wo, eye wòsi ɖo ta gbedzi.


Eye Filistitɔwo kpe ta be, yewoawu aʋa kple Israel; tasiaɖamwo le akpe blaetɔ̃, sɔɖolawo le ame akpe ade, eye afɔzɔlawo sɔ gbɔ abe ƒutake ene. Eye woho va ƒu asaɖa anyi ɖe Mixmas gbɔ le Bet-Awen ƒe ɣedzeƒe gome.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa