Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 18:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esi anyigba la na ta wo vɔ la, Israel-viwo ƒe ha blibo la va kpe ta ɖe Silo, eye wotu Mawu ƒe agbadɔ la ɖe afima.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Esi Israelviwo xɔ anyigba vɔ megbe la, wo katã wova kpe ta ɖe Silo, eye wotu Yehowa ƒe Agbadɔ ɖe afi ma.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 18:1
26 Mawu Ofanana  

Elabena tso gbesigbe mekplɔ Israel-viwo tso Egipte la, nyemenɔ xɔa ɖeke me vaseɖe egbe o, ke boŋ menɔ agbadɔ kple nɔƒe la me henɔa tsatsam.


Tete Yerobeam gblɔ na srɔ̃a bena: Tso, naɖɔ li wò avɔwo, ne amea ɖeke maganyae be, Yerobeam srɔ̃ nènye o, eye nayi Silo; kpɔ ɖa, nyagblɔɖila Axiya, amesi gblɔ nam be, maɖu fia ɖe dukɔ sia dzi la, le afima.


Tete Yerobeam srɔ̃ wɔ nenema, eye wotso heyi Silo, eye wòva Axiya ƒe me. Ke Axiya megate ŋu le nu kpɔm o, elabena etsi akpa, eye eƒe ŋkuwo tsi.


Ale Salomo nyã Abyatar, be maganye Yehowa ƒe nunɔla azɔ o, ne Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe Eli ƒe aƒe ŋu le Silo la, nava me.


Ɖeviawo yi ɖaxɔ anyigba la wònye wo tɔ, eye nèbɔbɔ anyigbadzitɔ, siwo nye Kanaanitɔwo, de anyi le wo ŋku me; ètsɔ woƒe fiawo kple anyigba dzi dukɔwio siaa de asi na wo, ne woawɔ wo, alesi dze wo ŋu.


eye wògblẽ nɔƒe, si le Silo, agbadɔ, si wòtu ɖe amegbetɔwo dome la ɖi.


eye wònyã eƒe futɔwo ɖe megbe; ŋukpe mavɔe wòdo wo.


ekema mawɔ aƒe sia abe Silo ene, eye matsɔ du sia awɔ ɖiŋudonu na anyigba dzi dukɔwo katã.


Nukaŋuti nègblɔ nya ɖi le Yehowa ƒe ŋkɔ me be, aƒe sia ano abe Silo ene, eye du sia agba azu aƒedo? Tete dukɔ blibo la ƒo takpli de Yeremya ŋu le Yehowa ƒe me.


ŋutsu blanyi tso. Sixem, Silo kple Samaria, wolũ ge, wole awu vuvuwo me, eye wosi blini helé nuɖuvɔsa kple dzudzɔʋeʋẽedonu ɖe asi, be woatsɔ asa vɔe le Yehowa ƒe me.


eye anyigba la na ta le Yehowa ŋku me, emegbe hafi mietrɔ la, ekema miaɖi fɔ le Yehowa kple Israel ŋku me o, eye anyigba sia azu mia tɔ le Yehowa ŋku me.


Agbadɔ sia hã ɖo mia fofowo si me, eye woawo kple Yosua wotsɔe va dukɔ, siwo Mawu tu asii ɖa tso mia fofowo ƒe ŋku me la ƒe anyigba dzi vaseɖe Dawid ƒe ŋkekeawo dzi,


Eye Israel-viwo ƒe to adre susɔ, siwo womemã anyigba na haɖe o.


Tete ŋutsuawo dze mɔ heyi, eye Yosua de se na amesiwo yina anyigba la de ge agbalẽ me la bena: Miyi ɖatsa le anyigba la dzi, eye miŋlɔe tsɔ ve nam, ekema madzidze nu ɖe dzi na mi le Yehowa ŋku me le Silo.


Esia nye anyigba, siwo nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi, kpakple Israel-viwo ƒe ƒomewo ƒe amegãwo dzidze nu ma le Silo le Yehowa ŋku me, le Mawu ƒe agbadɔ la nu. Ale wowu anyigba la mamã nu.


eye wogblɔ na wo le Silo le Kanaan-nyigba dzi bena: Yehowa ɖe se to Mose dzi bena, woana duwo mí mianɔ me kple wo ŋu nyigbawo hena míaƒe lãwo.


Esi Israel-viwo see la, tete Israel-viwo ƒe ha blibo la kpe ta ɖe Silo, be yewoaho aʋa ɖe wo ŋu.


Ke ne miaƒe anyigba ŋu mekɔ o la, ekema miva Yehowa ƒe anyigba dzi, afisi Yehowa ƒe nɔƒe la le, ne miatso aƒe ɖe mía dome; ɖeko migaɖi vɔsamlekpuia ɖeke kpe ɖe Yehowa, mía Mawu ƒe vɔsamlekpui la ŋuti ahadze aglã ɖe Yehowa kple mía ŋu o!


Tete Ruben-viwo kple Gad-viwo kpakple Manase ƒe to afã la gbugbɔ tso Israel-viwo gbɔ le Silo le Kanaan-nyigba dzi heyi woawo ŋutɔ ƒe anyigba Gilead, si woxɔ la dzi, abe alesi Yehowa gblɔ to Mose dzi ene.


Eye Mixa ƒe aklama kpakpɛ, si wòwɔ la, no wo si le ɣeyiɣi, siwo katã me Mawu ƒe aƒe la nɔ Silo.


Eye wokpɔ ɖetugbi alafa ene, siwo medɔ ŋutsu gbɔ kpɔ o, le Yabes-Gileadtɔwo dome, eye wokplɔ wo va asaɖa la me le Silo le Kanaan-nyigba dzi.


Eye wogblɔ bena: Kpɔ ɖa, woɖua Yehowa ƒe ŋkekenyuie la ƒe sia ƒe le Silo, si le Betel ƒe anyiehe kple mɔ, si tso Betel ɖo ta Sixem la, ƒe ɣedzeƒe kpakple Lebona ƒe dziehe.


Eye esi woɖee le no nu la, ekplɔe ɖe asi, eye wòlé nyi, si xɔ ƒe etɔ̃, kpe ɖe wɔ efa ɖeka kpakple wein lãgbalẽgolo ɖeka ŋu heyi. Eye Xana kple ɖevi la wova Yehowa ƒe me le Silo.


Eye ŋutsu sia tsoa eƒe ɖu me ƒe sia ƒe yina ɖadoa gbe ɖa, eye wòasa vɔ na Yehowa Zebaot le Silo, afisi Eli ƒe viŋutsu eveawo Xofni kple Pinexas wonye nunɔla na Yehowa le.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa