Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 17:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye wova nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi, kpakple amegãwo ŋku me gblɔ bena: Yehowa de se na Mose be, wòana anyigba mi ɖe mia nɔviwo dome. Tete wona anyigba wo ɖe wo fofo nɔviwo dome, abe alesi Yehowa gblɔ ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Nyɔnu siawo va nunɔla Eleazar kple Nun ƒe vi Yosua kpakple Israel ƒe kplɔlawo gbɔ, eye woɖo ŋku edzi na wo be, “Yehowa gblɔ na Mose be míaxɔ domenyinu abe ŋutsu siwo le míaƒe to la me ene tututu,” eya ta abe ale si Yehowa ɖoe da ɖi ene la, wona anyigba wo abe ŋutsuawo ene.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 17:4
9 Mawu Ofanana  

Eye Zelofxad, amesi nye Xefer vi, amesi nye Gilead vi, amesi nye Maxir vi, amesi nye Manase vi la, ƒe vinyɔnuwo tso Manase, Yosef vi, ƒe ƒome la me va; vianyɔnuawo ƒe ŋkɔwo nye: Maxla, Noa, Xogla, Milka kple Tirza.


Nukaŋuti mía fofo ŋkɔ atsrɔ̃ le eƒe ƒome la me, le esi viŋutsu mele esi o ta? Eyata na anyigba mi ɖe mia fofo nɔviwo dome.


Eye Zelofxad vinyɔnuwo wɔ, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


Azɔ la Yudatɔ kple Helatɔ megali o; kluvi alo ablɔɖevi megali o; atsu alo asi megali o; elabena mi katã ɖeka miele le Kristo Yesu me.


Esia nye anyigba, si nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi, kpakple Israel-viwo ƒe toawo ƒe amegãwo ma na Israel-viwo le Kanaan-nyigba dzi.


Ale Manase xɔ akpa ewo hekpe ɖe Gilead-nyigba kple Basan-nyigba ŋuti le Yordan ƒe go keme dzi.


Eye Lewi-to la ƒe amegãwo va nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi, kpakple Israel-tɔwo ƒe ƒomeawo ƒe amegãwo gbɔ,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa