Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 17:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Tete Yosef-viwo gblɔ bena: To la menya de mia nu-o, evɔ galasiaɖamwo hã le Kanaanitɔ, siwo katã le bali la me kple esiwo le Bet-Sean kple eƒe duwo me kpakple esiwo le Yezreel gbadzaƒe la si.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Yosef ƒe amewo ɖo eŋu be, “Tonyigba la melolo na mí o, ke gatasiaɖamwo le Kanaantɔ siwo le gbadzaƒe la kple esiwo le Bet Sean kple du siwo ƒo xlãe kple esiwo le Yezreel ƒe balime la si.”

Onani mutuwo Koperani




Yosua 17:16
20 Mawu Ofanana  

Eye wòva me bena, alilikpo xe dziƒo enumake tsiɖitsiɖi, ya le ƒoƒom, eye tsi gãa ɖe dza. Tete Axab ɖo tasiaɖam heyi Yezreel.


Ke Yehowa ƒe asi va Eliya dzi, eye wòbla ali dzi heƒu du dze Axab ŋgɔ vaseɖe Yezreel.


Eye wòva me le nya siawo megbe be, Weingblea ɖe le Yezreeltɔ Nabot si le Yezreel te ɖe Samaria-fia Axab ƒe aƒe ŋu.


Eye ale Yehowa gblɔ le Izebel hã ŋu enye si: Avũwo aɖu Izebel le Yezreel ƒe gli gbɔ.


Baana, Axilud vi, tɔ enye Taanax, Megido kple Bet-Sean blibo la, si le Zartan gbɔ, le Yezreel ƒe anyigbe tso Bet-Sean va ke ɖe Abel-Mexola vaseɖe Yokmeam ƒe go keme;


Eye avũwo aɖu Izebel le Yezreel-gble me, eye amea ɖeke maɖii o. Tete woʋu ʋɔa hesi.


Eye Izebel ƒe kukua ano abe mi ene anɔ gbe me le Yezreel-gble me, ale be amea ɖeke mate ŋu agble be: Izebel enye si o.


Eyata Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, eye mana aʋaɣli naɖi ɖe Amon-viwo ƒe Raba ŋu, be woazu anyiglãgo, woatɔ dzo eŋu duwo, eye Israel agaxɔ eƒe domenyinu, Yehowa ye gblɔe.


Yesreel, Yokdeam, Zanoax.


Du, siwo nye Manase tɔ, le Isaxar kple Aser gbɔ, wonye: Bet-Sean kple eƒe duwo, Yibleam kple eƒe duwo hekpe ɖe Dortɔwo kple woƒe duwo ŋu; En-Dortɔwo kple woƒe duwo, Tanaxtɔwo kple woƒe duwo kpakple Megidotɔwo kple woƒe duwo, woawo nye togbɛ etɔ̃awo.


Yosua ɖo ŋu na wo bena: Ne míesɔ gbɔ la, ekema miyi Filistitɔwo kple Refaitɔwo ƒe anyigba dzi, eye miƒo aveawo ɖa le afima; elabena Efrayim-to la xaxa na mi akpa.


Yosua gblɔ na Yosef ƒe aƒe, si nye Efrayim kple Manase bena: Miesɔ gbɔ, eye ŋusẽ geɖe le mia ŋu; menye gome ɖeka koe anɔ mia si o;


ke boŋ mixɔ tonyigba la, eye miƒo aveawo ɖa le edzi, eye wòanye mia tɔ vaseɖe eƒe mlɔenu. Elabena mianyã Kanaanitɔ, siwo si gatasiaɖamwo le, eye ŋusẽ le wo ŋu la ɖa.


Eye woƒe anyigba to Yezreel, Kesulot, Sunem,


Eye Yehowa nɔ kple Yuda, ale be wòte ŋu xɔ to la, ke mete ŋu nyã amesiwo nɔ bali me la ɖa o, elabena gatasiaɖamwo le wo si.


tete Sisera dzra eƒe gatasiaɖamwo katã ɖo, eye eya kple eƒe aʋakɔ blibo la ho tso Xaroset-Goyim va kpe ta ɖe Kison-tɔʋu la nu.


Eye Israel-viwo ɖo ɣli na Yehowa, elabena gatasiaɖam alafa asieke le esi, eye wòle Israel-viwo ɖe anyi sesẽtɔe ƒe blave sɔŋ.


Eye Midiantɔwo katã kple Amalekitɔwo kpakple ɣedzeƒeviwo kpe la heho va ƒu asaɖa anyi ɖe Yezreel-bali me.


Eye Filistitɔwo ƒo woƒe aʋakɔwo katã nu ƒu ɖe Afek, eye Israel ƒu asaɖa anyi ɖe vudo la gbɔ le Yezreel.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa