Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 17:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Du, siwo nye Manase tɔ, le Isaxar kple Aser gbɔ, wonye: Bet-Sean kple eƒe duwo, Yibleam kple eƒe duwo hekpe ɖe Dortɔwo kple woƒe duwo ŋu; En-Dortɔwo kple woƒe duwo, Tanaxtɔwo kple woƒe duwo kpakple Megidotɔwo kple woƒe duwo, woawo nye togbɛ etɔ̃awo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Wotsɔ Bet Sean, Ibleam, Dor, Endor, Taanak Megido afi si to etɔ̃ nɔ kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la na Manase ƒe viwo ƒe to afã togbɔ be wonɔ anyigba siwo wona Isaka ƒe viwo kple Aser ƒe viwo dzi hã.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 17:11
22 Mawu Ofanana  

Dawid yi ɖaxɔ Saul kple via Yonatan ƒe ƒuwo, siwo Yabes-Gileadtɔwo yi ɖafi le Bet-San ƒe ablɔ me, afisi Filistitɔwo tsɔ wo va ku ɖo, le gbesigbe Filistitɔwo wu Saul le Gilboa la, le wo si.


Ale yakadɔwɔla, si wo fia Salomo ɖe, be woatu Yehowa ƒe xɔ, eya ŋutɔ ƒe xɔ kple Milo, eye woaɖo gli ɖe Yerusalem, Xazor, Megido kple Gezer ŋu la, ƒe nya la enye si:


Ke esi Yuda-fia Axazya kpɔe la, esi to abɔ me xɔ ƒe mɔ, eye Yehu ti eyome gblɔ bena: Mité eya hã! Eye wotée ɖe tasiaɖam la me le Gur-togbɛ, si le Yibleam gbɔ la dzi, eye wòsi yi Megido heku ɖe afima.


Manase viwo tɔ, si le akpa sia dzi, wonye Bet-Sean kple eŋu duwo; du siawo me Israel vi Yosef ƒe viwo nɔ.


Ke Yosiya metrɔ kɔ le eŋu o, ke boŋ edze avu, be yeawu aʋa kplii, eye meɖo to Nexo ƒe nyawo le Mawu ƒe nya la nu o, eye wòva aʋa wo ge le Megido-bali la me.


Wɔ wo abe Midiantɔwo kple Sisera ene, abe Yabin le Kison-tɔʋu la nu ene!


Eyata Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, eye mana aʋaɣli naɖi ɖe Amon-viwo ƒe Raba ŋu, be woazu anyiglãgo, woatɔ dzo eŋu duwo, eye Israel agaxɔ eƒe domenyinu, Yehowa ye gblɔe.


Le ɣemaɣl la konyifafa leƒe makɔ le Yerusalem o, abe alesi wówɔ kuteƒe na Hadad-Rimon le Megiɖo-tagba ene.


kple fia, siwo le anyiehe gome le towo dzi, tagba, si le Kinerot ƒe dziehe gome, gbadzaƒe kple Nafot-Dor le ɣetoɖoƒe


Tanax-fia ɖeka, Megido-fia ɖeka,


Dor-fia, si le Nafot-Dor la ɖeka, Gilgal-dukɔ vovovowo ƒe fia ɖeka,


hekpe ɖe du, siwo katã wotia le Manase-viwo ƒe anyigba dzi na Efrayim-viwo la ŋuti.


Dziehe gome enye Efrayim lɔ, eve anyiehe gome enye Manase tɔ, eye ƒu ɖo liƒo nɛ; wova kpe Aser le anyiehe, eye wokpe Isaxar le ɣedzeƒe.


Tete Yosef-viwo gblɔ bena: To la menya de mia nu-o, evɔ galasiaɖamwo hã le Kanaanitɔ, siwo katã le bali la me kple esiwo le Bet-Sean kple eƒe duwo me kpakple esiwo le Yezreel gbadzaƒe la si.


Eye Manase mexɔ Bet-Sean kple eƒe duwo, Tanax kple eƒe duwo, Dortɔwo kple woƒe duwo, Yibleamtɔwo kple woƒe duwo kpakple Megidotɔwo kple woƒe duwo o, eyata Kanaanitɔwo do dzi nɔ anyigba sia dzi bɛ.


Fiawo va wɔ aʋa, Kanaan-fiawo va wɔ aʋa ɣemaɣi le Tanax le Megido-tɔ la nu; ke womekpɔ klosaloa ɖeke xɔ o!


Tete Saul gblɔ na eƒe dɔlawo bena: Midi nyɔnua ɖe, si me ŋɔliyɔgbɔgbɔ le la nam, ne mayi egbɔ aɖabia nui ase. Eƒe dɔlawo gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, nyɔnu ŋɔliyɔlaa ɖe le En-Dor.


Wotsɔ eƒe ŋutinuawo va da ɖe Astartewo ƒe me, eye wotsɔ eƒe kukua ku gli ŋu le Bet-San.


tete ŋutsu kalẽtɔwo dze mɔ zɔ zã blibo la ɖaɖe Saul kple viaŋutsuwo ƒe kukuawo le gli ŋu le Bet-San, eye wova Yabes hetɔ dzo wo le afima.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa