Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 17:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Manase-to la xɔ eƒe gome, elabena eyae nye Yosef ƒe ŋgɔgbevi; wotsɔ Gilead kple Basan na Maxir, Manase ƒe ŋgɔgbevi, amesi nye Gilead fofo, elabena miame wònye.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Wotsɔ Gilead kple Basan ƒe anyigbawo, le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe na Makir, Manase ƒe vi tsitsitɔ, ame si nye Gilead fofo, elabena wonye aʋawɔla sesẽwo,

Onani mutuwo Koperani




Yosua 17:1
20 Mawu Ofanana  

Eye Yosef na ŋkɔ eƒe ŋgɔgbevia bena Manase, elabena egblɔ be Mawu na meŋlɔ nye fukpekpewo kple nye ƒometɔwo be.


Eye wòna ŋkɔ evelia be Efrayim; elabena egblɔ be: Mawu na medzi ɖe dzi le afisi mekpe fu le la.


Viŋutsu, siwo On-nunɔla Potifera ƒe vinyɔnu Asnat dzi na Yosef le Egipte-nyigba dzi wonye Manase kple Efrayim.


Esi Yosef kpɔ bena, fofoa da eƒe nuɖusi ɖe Efrayim ƒe ta dzi la, menyo eŋu o; eyata wòlé fofoa ƒe asi, be yeaɖee ɖa le Efrayim ƒe ta dzi ahada ɖe Manase ƒe ta dzi.


Eye Yosef gblɔ na fofoa bena: Fofonye, menye nenema o; esia nye ŋgɔgbetɔ, tsɔ wò nuɖusi da ɖe eƒe ta dzi!


Eye Yosef nɔ agbe tso Efrayim ƒe tɔgbuiyɔviwo ɖo, eye Maxir Manase vi hã dzi viwo le Yosef ƒe agbenɔɣi me.


eye wòɖoe fia ɖe Gilead kple Asertɔwo, Yezreel, Efrayim, Benyamin kple Israel blibo la dzi.


Ke Gesuritɔwo kple Aramtɔwo xɔ Yair-kɔƒeawo le wo si hekpe ɖe Kenat kple eŋu kɔƒewo ŋuti, wole du blaade. Amesiawo katã nye Maxir, si nye Gilead fofo la ƒe viwo.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Liƒo, siwo me miamã anyigba la ɖo ɖe Israel ƒe to wuieveawo nu la enye si: Yosef nexɔ gome eve.


Manase nexɔ gome ɖeka ɖe Naftali ƒe liƒo ŋu tso ɣedzeƒe vaseɖe ɣetoɖoƒe.


Manase viwo nye: Maxir, amesi dzi Maxir-ƒome la; Maxir dzi Gilead, eye Gilead dzi Gilead-ƒome la.


Eye Zelofxad, amesi nye Xefer vi, amesi nye Gilead vi, amesi nye Maxir vi, amesi nye Manase vi la, ƒe vinyɔnuwo tso Manase, Yosef vi, ƒe ƒome la me va; vianyɔnuawo ƒe ŋkɔwo nye: Maxla, Noa, Xogla, Milka kple Tirza.


Eye Mose tsɔ Sixon, Amori-fia ƒe fiaduƒe kple Og, Basan-fia ƒe fiaduƒe, anyigba la kple edzi duwo kpakple eŋu liƒowo na Gad-viwo kple Ruben-viwo kpakple Yosef vi, Manase ƒe to afã.


ke boŋ wòabu esi melɔ̃na o la ƒe viŋutsu ŋgɔgbevii, eye wòana nusiwo katã le esi lae zi gbɔ zi eve awu; elabena eyae nye eƒe ali me vi gbãtɔ, eye etɔe nye domenyinu la.


Manase-vi mamleawo xɔ wo tɔ le woƒe ƒomeawo nu, woawo nye: Abiezer-viwo, Xelek-viwo, Asriel-viwo, Sexem-viwo, Xefer-viwo kple Semida-viwo, esiawo nye Yosef vi Manase ƒe viŋutsuwo le woƒe ƒomeawo nu.


Mose na anyigba Manase-to afã ɖe Basan, eye Yosua na anyigba afã evelia ɖe wo nɔviwò gbɔ le Yordan ƒe ɣetoɖoƒe. Esi Yosua le asi ɖe ge le wo ŋu wòayi woƒe agbadɔwo me la, eyra wo


Wotso Efrayim, amesi ƒe agunu le Amalek, eye Benyamin to wo megbe va ge ɖe woƒe amehawo dome. Tatɔwo ɖi abu tso Maxir kple Zebulon, amesiwo si tsiameti la le.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa