Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 15:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 hezɔ Axor-bali la me vaseɖe Debir, eye wònyè kpo to Gilgal, si le Adumim-to dzi mo kasa la, ƒe anyiehe le tonu la ƒe dziehe gome; emegbe liƒo la va to En-Semes-tɔ la ŋu va ke ɖe Rogel ƒe vudo la gbɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Tso afi ma la, liƒo la to Akɔr ƒe balime yi Debir, eye wòtrɔ yi anyiehe kple ɣetoɖoƒe dome ɖo ta Gilgal le Adumim towo ƒe akpa kemɛ dzi, le balime la ƒe dziehe lɔƒo. Egayi En Semes ƒe tsi dzidziwo gbɔ heyi En Rogel.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 15:7
13 Mawu Ofanana  

Eye Yonatan kple Aximaaz wonɔ Rogel-vudo la gbɔ. Eye dɔlanyɔnua ɖe hea gbe yinae na wo woɖagblɔna na fia Dawid be: womekpɔ mɔ ayi dua me o, elabena woava kpɔ wo.


Eye Adoniya wu alẽwo, nyiwo kple nyivi damiwo le Soxelet-kpe la gbɔ le Rogel-vudo la xa, eye wokpe nɔviaŋutsuwo katã, siwo nye fiaviwo kple Yuda-ŋutsuwo katã, siwo nye fia ƒe dɔlawo


Saron azu alẽwo ƒe gbeɖuƒe, eye Axorbalime la azu nyiwo ƒe akɔtsyɔƒe hena nye dukɔ, si biaa tanye sena la.


ne magaɖe amae ana wòanɔ abe gbesigbe wòdzii ene, mana wòasɔ kple gbegbe, wòaɖi kuɖinyigba, eye mana tsikɔ nawui wòaku o.


Emegbe Yosua kple Israel blibo la gbugbɔ va asaɖa me le Gilgal.


Emegbe woho aʋa ɖe Debirtɔwo ŋu; tsã la woyia Debir bena Kiryat-Sefer.


vaseɖe Bet-Xogla, eye wòmlo zã Bet-Araba ƒe anyiehe to Bohan, Ruben vi, ƒe kpe la gbɔ


eye wòtrɔ ɖo ta anyiehe gome va to En-Semes heto Gelilot ŋu le Adumim-to dzi mɔ kasa, eye wòva to Bohan, Ruben vi ƒe kpe la gbɔ


Dukɔ la ɖi go ɖe Yordan godo le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke ewolia dzi, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Gilgal le Yerixo ƒe ɣedzeƒe gome.


Tete Yosua kple Israel blibo la kplɔ Axan, Zerax vi, hekpe de klosalo la, awu ʋlaya la kple sikakpɔti la kpakple viaŋutsuwo kple vinyɔnuwo, eƒe nyi, tedzi kple alẽwo, eƒe agbadɔ kpakple nusiwo katã le esi la ŋu, yi Axor-bali la me.


wofɔ kpewo li kɔ gãa ɖe ɖe wo dzi, eye wòli vaseɖe egbe. Tete Yehowa ƒe dziku nu fa. Eyata wona ŋkɔ teƒe la bena Axor-balime, vaseɖe egbe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa