Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 15:47 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

47 Asdod kple eŋu duwo kple eŋu kɔƒewo, Gaza kple eŋu duwo kple eŋu kɔƒewo vaseɖe Egipte-tɔʋu la ŋu, eye ƒu gã la enye liƒo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

47 Gaza kple eƒe kɔƒewo, heyi keke Egipte ƒe tɔʋu la kple Domeƒu la ƒe ƒuta, tso Egipte tɔʋu la nu le anyigbeme yi Tiro le dzigbeme ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 15:47
17 Mawu Ofanana  

Elabena eɖu fia ɖe tɔsisi la ƒe go si me katã kple fia, siwo katã le tɔsisi la ƒe go si me la dzi tso Tifsax vaseɖe Gaza, eye wòkpɔ tomefafa le goawo katã me va kpe.


Esi Filistitɔwo vaseɖe Gaza kple eƒe liƒowo gbɔ, tso dzɔlawo ƒe xɔ tsralawo gbɔ vaseɖe du sesẽwo gbɔ.


Eye wòho dawo aʋa kple Filistitɔwo, eye wògbã Gat ƒe gliwo, Yabne ƒe gliwo kple Asdod ƒe gliwo, eye wòtso duwo ɖe Asdod kple Filistitɔwo dome.


Eye mana wò liƒowo natso Avaƒu la nu vaseɖe Filistitɔwo ƒe ƒu la nu, tso gbedzi vaseɖe tɔsisi la nu; elabena matsɔ anyigbadzitɔwo ade asi na wò, eye nanyã wo le dowòme.


Yehowa ƒe gbe, si va na nyagblɔɖila Yeremya ɖe Filistitɔwo ŋu, hafi Farao nava si Gaza, enye si;


Gaza atsi ƒuƒlu, eye woatsrɔ̃ Askalon; ame dzɔtsuwo ƒe susɔeawo, ɣekaɣi miasi blini na mia ɖokui ase ɖo?


Elabena Gaza azu du gbɔlo, eye Askalon azu aƒedo; woanyã Asdoɖ le ŋdɔkutsu dzatsɛ, eye woaho Ekron kple ke.


Ke Aƒetɔ ƒe dɔlaa ɖe ƒo nu na Filipo gblɔ bena: Tsi tre, eye nayi dziehe gome, ɖe mo, si tso Yerusalem yina Gaza, si nye gbedzimɔ la dzi.


Eye Kaftoritɔwo tso Kaftor heva tsrɔ̃ Awitɔwo, amesiwo nɔ kɔƒekɔƒewo me vaseɖe Gaza, eye wònɔ wo teƒe.


Enakitɔa ɖeke mekpɔtɔ ɖe Israel-viwo ƒe anyigba dzi o, negbe Gaza, Gad kple Asdod ko ɖewo susɔ ɖo.


tso Sixor, si si to Egipte ŋu gbɔ vaseɖe Ekron, si wobuna ɖe Kanaanitɔwo me la, ƒe liƒo ŋu le anyiehe. Filistitɔwo ƒe amegã atɔ̃awo nye: Gazatɔ, Asdodtɔ, Askalontɔ, Gadtɔ kple Ekrontɔ hekpe ɖe Avitɔwo ŋu le dziehe;


vaseɖe Azmon, eye wòzɔ Egipte-tɔʋu la ŋu va wu nu ɖe ƒu nu. Esia nye miaƒe dzieheliƒo.


du, siwo katã tso Ekron kple ɣetoɖoƒe gome va ke ɖe Asdod kple eŋu kɔƒewo gbɔ:


Du, siwo le towo dzi, wonye: Samir, Yatir, Soxo,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa