20 Esia nye Yuda-viwo ƒe to la ƒe anyigba le woƒe ƒomeawo nu.
20 Esiae nye anyigba si wona Yuda ƒe viwo.
Yuda ƒe yayra enye si. Eye wògblɔ bena: Yehowa, se Yuda ƒe gbe, eye gakplɔe va eƒe dukɔ gbɔ! Tsɔ wò asi wɔ aʋa ɖe eta, eye naxɔe tso eƒe futɔwo si!
Eɖo ŋu be: Yram, elabena ètsɔ dziehenyigba nam xoxo, eyata tso tsivudoawo hã nam! Tete Kaleb tso vudo, siwo le to dzi kple bali me la nɛ.
Du, siwo tso Yuda-viwo ƒe to la ƒe mlɔenu vaseɖe Edom ƒe liƒo ŋu le dziehe, wonye: Kabzel, Eder, Yagur,