Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 15:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye liƒo la tro tso Baala ɖo ta Seir-to gbɔ le ɣetoɖoƒe heva zɔ Har-Yearim-to la ŋu le anyiehe, esia nye Kesalon, eye wòmlo to Bet-Semes vaseɖe Timna.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 ɖo ta Edom ƒe to Seir gbɔ, yi Yearim to alo Kesalon ƒe dzigbeme, yi Bet Semes heto Timna ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 15:10
12 Mawu Ofanana  

Eye Dawid kple dukɔ blibo, si le eŋu la, dze mɔ yi Baal-Yuda, ne woatsɔ Mawu ƒe aɖaka, si ŋu woyɔa Yehowa Zebaot, amesi le Kerubiwo ta me ƒe ŋkɔ ɖo la, atso afima.


Ke Amazya meɖo toe o. Tete Israel-fia Yoas ho va, eye eya kple Yuda-fia Amazya wokpe akɔ le Bet-Semes, si nye Yuda to la.


Eye Filistitɔwo hã va kaka ɖe tagbaduwo me kple Yuda ƒe dziehe, eye woxe Bet-Semes, Ayalon, Gederot, Soxo kple eŋu duwo. Timna kple eŋu duwo kpakple Gimso kple eŋu duwo, eye wono wo me.


Emegbe liƒo la zɔ Ekron-to la ŋu le anyiehe vaseɖe Sikron, eye wòmlo to Baala-to la tame ɖo ta Yabneel va wu nu ɖe ƒu nu.


Hakayin, Gibea kple Timna. Wole du ewo hekpe ɖe woƒe koƒewo ŋu.


Yireon, Migdal-El, Xorem, Bet-Anat kple Bet-Semes. Wole du wuiasieke hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu.


Ayin kple eŋu lãnyiƒe, Yuta kple eŋu lãnyiƒe kpakple Bet-Semes kple eŋu lãnyiƒe; wole du asieke le to eve siawo me,


Simson yi Timnat, eye wòkpɔ nyɔnuvia ɖe le Filistitɔwo ƒe nyɔnuwo dome le Timnat.


Esi Simson kple fofoa kpakple dadaa woyina ɖe Timnat, eye wova ɖo Timnat-tɔwo ƒe weingblewo gbɔ la, kpɔ ɖa, dzatavia ɖe le gbe tem va do goe.


Eye ne miekpɔ bena, ele aƒemɔ ɖo ta Bet-Semes la, ekema eyae he dzɔgbevɔ̃e gã sia va mía dzi; ke ne mele alea o la, ekema míanyae bena, menye eƒe asie va mia dzi o, ke boŋ nua ɖe ƒomevie wɔ mí.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa