Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 13:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 tso Aroer, si le Arnon-tɔʋu la nu kple du, si le bali lãme gbɔ kpakple Medeba-tagba blibo la vaseɖe Dibon;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Woƒe anyigba la nye teƒe si tso Areor, le Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe toga kple du siwo le balime la, to Medeba ƒe togbɛnyigba dzi yi Dibon.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 13:9
15 Mawu Ofanana  

Eye wotso Yordan heva ƒu asaɖa anyi ɖe Aroer, ɖe du, si le bali la me ƒe ɖusi me, ɖo la Gad kple Yaezer lɔƒo.


Eye wotsɔ aʋa Maaxa-fia kple eƒe dukɔ hekpe ɖe tasiaɖam akpe blaetɔ̃ vɔ eve ŋu, eye wova ƒu asaɖa anyi ɖe Medeba ŋgɔ. Eye Amon-viwo tso woƒe duwo meva kpe ta, be woawɔ aʋa.


Yuda-vi, siwo nɔ kɔƒewo me le woƒe agblewo me la, dometɔa ɖewo nɔ Kiryat-Arba kple eƒe kɔƒewo me, Dibon kple eƒe kɔƒewo me, Yekabzeel kple eƒe agbletawo,


Dibon-nyɔnuvi yi nuxe ƒe avi fa ge, Moab le konyi fam le Neho kple Medeba ta me, wo katã wolũ ta kokoe, eye wolũ gewo katã.


Dibon-nyɔnuvi, ɖi tso wò ŋutikɔkɔe me, nabɔbɔ nɔ ke me; elabena Moab-gblẽla le ƒoƒo ge ɖe dziwò, eye wòagblẽ wò mɔ sesẽwo.


Dibon, Neho kple Bet-Diblatayim dzi.


Nugblẽla ava du sia du me, eye dua ɖeke masi o, bali me nu ayi, eye tagba atsrɔ̃, abe alesi Yehowa gblɔ ene.


Míeda wo, eye Xesbon bu vaseɖe Dibon. Mietsrɔ̃ wo vaseɖe Nofa, eye dzo la bi vaseɖe Medeba.


Du, siwo tso Aroer le Arnon-tɔʋu la nu, kple du, si le bali me gbɔ vaseɖe Gilead la, dometɔa ɖeke mesesẽ na mí o; Yehowa, mía Mawu, tsɔ wo katã de asi na mí.


Eye míexɔ anyigba sia le ɣemaɣi me tso Aroer le Arnon-tɔʋu la nu. Eye metso Gilead-towo ƒe akpa afã na Ruben-viwo kple Gad-viwo;


Eye metsɔ anyigba na Ruben-viwo kple Gad-viwo tso Gilead vaseɖe Arnon-tɔʋu la nu; woƒe liƒo tso tɔʋu la ƒe go ɖeka vaseɖe Yabok-tɔʋu, si enye Amon-viwo ƒe liƒo la nu


Sixon, Amoritɔwo ƒe fia, si nɔ Xesbon, amesi ƒe dziɖuƒe tso Aroer gbɔ, le Arnon-tɔʋu la nu tso tɔʋu la ƒe go ɖeka hetsɔ Gilead ƒe afã ɖe eme vaseɖe Yabok-tɔʋu, si nye Amon-viwo ƒe liƒo la nu,


Sixon, Amoritɔwo ƒe fia, si ɖu fia le Xesbon la, ƒe duwo katã vaseɖe Amon-viwo ƒe liƒo ŋu;


tso Aroer, si le Arnon-tɔʋu la nu kple ɖu, si le bali la me gbɔ, kpakple Medeba-tagba blibo la,


Elabena Manase ƒe afã, Ruben-viwo kple Gad-viwo xa woƒe anyigba, si Mose tsɔ na wo le Yordan godo le ɣedzeƒe, abe alesi Yehowa ƒe dɔla Mose tsɔe na wo ene:


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa