Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 13:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Anyigba, siwo kpɔtɔ la, wonye; Filistitɔwo ƒe anyigbawo katã kple Gesuri blibo la,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 “Anyigba siwo kpɔtɔ la woe nye: “Filisti kple Gesur dukɔwo ƒe anyigba

Onani mutuwo Koperani




Yosua 13:2
15 Mawu Ofanana  

Patrusitɔwo, Kasluxitɔwo, amesiwo dome Filistitɔwo dzɔ tso, kple Kaftoritɔwo.


Ke do to le anyigba la dzi, abe alesi wòto le Abraham ŋɔli ene; tete Isak ʋu yi ɖe Filistitowo ƒe fia Abimelex gbɔ le Gerar.


Elabena esi menɔ Gesur le Aram la, wò dɔla ɖe adzɔgbe bena: Ne Yehowa gakplɔm yi Yerusalem la, ekema miasubɔ Yehowa.


Evia evelia nye Xileab, si nye Karmeltɔ, Nabal srɔ̃ Abigail tɔ; etɔ̃lia nye Absalom, si nye Gesur-fia, Talmai ƒe vinyɔnu Maaxa ƒe vi.


Ye ado viviti, eye ɣleti azu ʋu, hafi. Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la nava ɖo.


Baba na mi Krefa-ɖukɔ, mi amesiwo le atsiaƒu nu! Filistitɔwo ƒe anyigba Kanaan, mia ŋue Yehowa ƒe gbe va ɖo, eye matsrɔ̃ wò, ale be ame navɔ le dziwò.


Manase vi Yair xɔ Argob-nyigba blibo la vaseɖe Gesuritɔwo kple Maaxatitɔwo ƒe liƒo dzi, eye wòna ŋkɔ Basan ɖe eƒe ŋkɔ ŋu bena Yair-kɔƒewo va do egbee.


amesi ƒe dziɖuƒe nye Xermon-to, Salxa kple Basan blibo la, vaseɖe Gesuritɔwo kple Maaxati-tɔwo ƒe liƒo ŋu kple Gilead afã heva ke ɖe Sixon, Xesbon-fia, ƒe anyigba ŋu.


Gilead kple Gesuritɔwo kpakple Maaxatitɔwo ƒe anyigba, Xermon-to blibo la kple Basan blibo la vaseɖe Salxa;


Ke Israel-viwo menyã Gesuritɔwo kple Maaxatitɔwo o, eyata Gesur kple Maaxat tsi Israel dome vaseɖe egbe.


Esiawo nye dukɔ, siwo Yehowa kpɔtɔ ɖi be, wòatsɔ wo ado Israeltɔ, siwo katã mekpɔ Kanaan-ʋa teƒe o la akpɔ;


Eye Dawid kple eƒe amewo yi ɖadze Gesuritɔwo, Girzitɔwo kple Amalekitɔwo dzi; elabena woawo na anyigba la dzi tso tititi yi ɖake de Sur kple Egipte-nyigba ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa