Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yosua 13:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esi Yosua tsi xɔ ƒe geɖe la, Yehowa gblɔ nɛ bena: Etsi, eye nèxɔ ƒe geɖe; anyigba geɖe kpɔtɔ womexɔ haɖe o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Yosua tsi heku amegã azɔ, eye Yehowa gblɔ nɛ be, “Fifia, èzu amegãɖeɖi, evɔ dukɔ geɖewo gali siwo dzi wòle be miaɖu.

Onani mutuwo Koperani




Yosua 13:1
12 Mawu Ofanana  

Eye Abraham kple Sara wotsi xɔ ƒe geɖe ŋutɔ, ale bena Sara megaléa gbe gɔ̃ hã o.


Esi fia Dawid ku amegã xɔ ƒe geɖe la, wotsyɔa avɔwo ne, gake dzo meɖoa eƒe lã me o.


Eye liƒo la nazɔ Yordan ŋu axa wu nu ɖe Dzeƒu la nu.


De se na Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Ne mieva Kanaan-nyigba dzi la, ekema anyigba, si anye miaƒe domenyinu la, enye si: Kanaan-nyigba kple eŋu liƒowo.


Ke vi mele wo si o, elabena Elisabet tsi ko, eye woa kple eve la siaa woxɔ ƒe geɖe.


eye Yehowa, wò Mawu ŋutɔ adze ŋgɔwò, atsrɔ̃ dukɔ siawo le ŋkuwò me, be naxɔ woƒe anyigba; Yosua adze ŋgɔwò, abe alesi wòdo ŋugbe ene.


Anyigba, siwo kpɔtɔ la, wonye; Filistitɔwo ƒe anyigbawo katã kple Gesuri blibo la,


Kpɔ ɖa, Yehowa na metsi agbe, abe alesi wòdo ŋugbe ene; esi Yehowa gblɔ nya sia na Mose la, ƒe blane vɔ atɔ̃ enye si va yi, esiwo me Israel zɔ gbedzi. Mexɔ ƒe blanyi vɔ atɔ̃ egbe siawo,


Eye Yosua gblɔ na Israel-viwo bena: Ɣekaɣi gɔ̃ miawɔ kuvia ase ɖo, eye miayi aɖaxɔ anyigba, si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, na mi la wòanye mia tɔ oa?


Eye Yehowa gblɔ na Yosua bena;


Nya siawo megbe la Yehowa ƒe dɔla Yosua. Nun vi, amesi xɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo la ku,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa